30
Dzidzedzekpɔkpɔ na ame siwo vɔ̃a Yehowa
“Ne nu siawo katã, yayra kple fiƒode siwo mexlẽ na mi va mia dzi, miebu wo ŋuti esi miele dukɔ siwo me Yehowa, miaƒe Mawu la nya mi ɖo ɖa la dome, eye mi kple mia viwo mietrɔ ɖe Yehowa miaƒe Mawu ŋu, hede asi eƒe se siwo katã mede na mi egbe la dzi wɔwɔ me kple dzi blibo kple luʋɔ blibo la, ekema Yehowa, miaƒe Mawu la aɖe mi tso aboyome, ave mia nu, eye wòaƒo mia nu ƒu tso dukɔ siwo katã dome wòakaka mi ɖo la me. Togbɔ be mianɔ anyigba ƒe mlɔenu ke hã la, ayi aɖadi mi, eye wòagakplɔ mi va mia tɔgbuiwo ƒe anyigba dzi. Anyigba la agazu mia tɔ. Yehowa miaƒe Mawu agawɔ nyui na mi, eye wòagayra mi wu ale si wòyra mia tɔgbuiwo kpɔ gɔ̃ hã. Yehowa, miaƒe Mawu la akɔ mi kple mia viwo kple miaƒe tɔgbuiyɔviwo ƒe dziwo ŋuti, ale be miagalɔ̃e kple miaƒe dzi blibo kple luʋɔ blibo, eye Israel agagbɔ agbe. Yehowa, miaƒe Mawu la aɖe eƒe fiƒodewo katã ɖa le mia dzi, eye wòatrɔ wo akɔ ɖe ame siwo léa fu mi, eye wotia mia yome la dzi. Ke miawo la, ele na mi be miatrɔ va Yehowa gbɔ, eye miawɔ eƒe se siwo katã mede na mi egbe la dzi. Yehowa miaƒe Mawu ana nu sia nu si miawɔ la nadze edzi na mi, eye wòana mia viwo, miaƒe lãwo kple miaƒe agblemenukuwo nasɔ gbɔ fũu, elabena Yehowa agakpɔ dzidzɔ le mia ŋu, abe ale si wòkpɔe le mia tɔgbuiwo ŋu ene. 10 Yehowa akpɔ dzidzɔ ne miawɔ se siwo katã woŋlɔ ɖe Segbalẽ sia me la dzi, eye miatrɔ ɖe Yehowa, miaƒe Mawu la ŋu kple miaƒe dzi blibo kple miaƒe luʋɔ blibo ko.”
Mose tsɔ agbe kple ku ɖo Israelviwo ŋkume
11 “Menye ɖe se siwo dem mele na mi egbea la dzi wɔwɔ mele miaƒe ŋutete me o, 12 elabena se siawo mele dziƒo ʋĩi ale gbegbe be miagblɔ be, ‘Ame kae ayi dziƒo’ atsɔ wo vɛ na mí, be míase eye miawɔ wo dzi o. 13 Menye ɖe wole atsiaƒu la godo, eye wodidi tso mia gbɔ ale gbegbe be ame aɖeke mate ŋu agblɔ wo me nyawo na mi o. 14 Ke boŋ wote ɖe mia ŋu kpokploe, wole miaƒe dzi me kple miaƒe nu me, ale be miate ŋu awɔ wo dzi.
15 “Kpɔ ɖa, metsɔ agbe kple dzɔgbenyui, ku kple dzɔgbevɔ̃e da ɖe mia ŋkume egbea. Nu siawo ku ɖe miaƒe seawo dzi wɔwɔ kple wo dzi mawɔmawɔ ŋu. 16 Mede se na mi egbea be mialɔ̃ Yehowa, miaƒe Mawu la, miazɔ le eƒe mɔwo dzi, eye mialé eƒe sewo me ɖe asi, ale be mianɔ agbe, eye miazu dukɔ gã aɖe, ekema Yehowa ayra mi le anyigba si le mia tɔ zu ge la dzi. 17 Ke ne miaƒe dzi ato mɔ bubu, miawɔ nye seawo dzi o, ne woakplɔ mi atra mɔe, eye miasubɔ mawu bubuwo la, 18 ekema mele kpe ɖom edzi na mi be miatsrɔ̃ kokoko. Mianɔ agbe wòadidi, eye wòanyo na mi le anyigba si xɔ ge miala la dzi o.
19 “Meyɔ dziƒo kple anyigba abe ɖasefowo ene ɖe mia ŋu be egbe la, metsɔ agbe kple ku, yayra kple fiƒode le mia ŋkume ɖom, eya ta anyo be miatia agbe ale be miawo kple mia viwo siaa mianɔ agbe! 20 Mitia be mialɔ̃ Yehowa, miaƒe Mawu la. Miaɖo toe, eye miaku ɖe eŋu, elabena eyae nye miaƒe agbe kple miaƒe agbemeŋkekewo ƒe agbɔsɔsɔ. Ekema miate ŋu anɔ dedie le anyigba si Yehowa do ŋugbe be yeatsɔ na mia tɔgbuiwo, Abraham, Isak kple Yakob la dzi.”