10
Nudzodzoe kukuwo ana amiʋeʋĩ si ʋẽna lĩlĩlĩ la
ƒe atukpa blibo ɖeka gɔ̃ hã naʋẽ kũu!
Ɛ̃, vodada sue aɖe ate ŋu agblẽ nunya geɖe
kple bubu gã me.
Nunyala ƒe dzi nana wòwɔa nyui
ke bometsila ƒe dzi nana wòwɔa nu vɔ̃.
Àte ŋu adze si bometsila le
ale si wòle zɔzɔm le ablɔ dzi la me!
Ne wò amegã do dɔmedzoe ɖe ŋuwò la,
mègadzo le egbɔ o,
elabena blewu tsia dɔmedzoe helĩhelĩ nu.
 
Megade dzesi nu vɔ̃ɖi aɖe tso fiawo
kple dziɖulawo ŋu esi melé ŋku ɖe nuwo
ƒe yiyi me le xexea me ŋu.
Mekpɔe be wona ŋusẽ gã bometsilawo hetsɔ
wo ɖo amewo nu eye wometsɔ bubuteƒe
na kesinɔtɔwo abe ale si dze ene o.
Gawu la, mekpɔ subɔlawo wonɔ sɔ dom
le esime fiaviŋutsuwo nɔ afɔ zɔm abe subɔlawo ene!
 
Ame si ɖea vudo la,
eyae gena ɖe eme.
Ame si gbãa gli toa eme la,
eyae da ɖuna.
Ame si gbãa kpe la,
eyae kpe wɔa nuvevii!
Ame si dzea nake la,
eyae fia sina!
 
10 Ame si le fia maɖamaɖa ŋu dɔ wɔm la,
wɔa eƒe ŋusẽ geɖe ŋu dɔ.
Dze nunya eye nànyre fia la nyuie.
 
11 Ne da ɖu ame hafi wosa gbe de daa la,
ekema gbesala mewɔ dɔ nyui aɖeke o.
 
12 Nya si tso nunyala ƒe nu me nyea amenuvenya,
ke bometsila ƒe nuyiwo gblẽa nu le eya ŋutɔ ŋu.
13 Eƒe nyawo ƒe gɔmedzedze nyea numanyamanya
eye eƒe nyawo ƒe nuwuwu nyea tsukuku vɔ̃ɖi.
 
14 Bometsila nyaa nu sia nu tso etsɔ si gbɔna la ŋu
eye wòƒoa nu tso nu si wònya la ŋu tsitotsito!
Ke ame ka tututu ate ŋu
anya nu si le dzɔdzɔ ge?
 
15 Dɔ sue aɖe ko wɔwɔ nana ɖeɖi tea eŋu
ale gbegbe be ŋusẽ meganɔa eŋu hena dua me yiyi o.
 
16 Babaa na dukɔ si ƒe fia nye ɖevi
eye eƒe kplɔlawo mua aha ŋdi kanya gbe sia gbe.
17 Woayra dukɔ si ƒe fia nye bubume,
eƒe kplɔlawo wɔa dɔ sesĩe hafi ɖua nu
eye wonoa nu bena woatsɔ ado ŋusẽ wo ɖokuiwo
hena dɔ si le wo ŋgɔ la wɔwɔ.
 
18 Kuviawɔwɔ nana xɔ ƒe daɖedziwo nyena ɖe eme,
eye alɔgblɔlɔwɔwɔ nana xɔ ɖuɖuna.
 
19 Nuɖuɖu hea nukoko vanɛ,
wain hea dzidzɔ vanɛ,
eye gae dia nu sia nu kpɔna.
 
20 Mègado ɖiŋu na fia la
le wò susu me ke gɔ̃ hã o;
mègaƒo fi de kesinɔtɔ le wò xɔ gã me ke gɔ̃ hã o,
elabena xevi sue aɖe agblɔ nu si nègblɔ tso wo ŋu la na wo.