10
Ŋutikɔkɔe la dzo le gbedoxɔ la me
Meda ŋku ɖi, eye mekpɔ nu si ɖi fiazikpui si wowɔ kple kpe xɔasi la wònɔ teƒe keke si nɔ kerubiawo tame. Yehowa gblɔ na ame si do aklala biɖibiɖi ƒe awu la be, “Yi tasiaɖamfɔti siwo dzi kerubiawo le la dome. Lɔ dzoka xɔxɔ si le kerubiawo dome la ɖe wò asi me, eye nàwui ɖe du la dzi.” Menɔ ekpɔm wòge ɖe eme.
Azɔ la, kerubiawo nɔ tsitre ɖe gbedoxɔ la ƒe dziehe lɔƒo esi ame la ge ɖe eme, eye lilikpo yɔ xɔxɔnu emetɔ fũu. Tete Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ho tso kerubiawo tame, eye wòyi gbedoxɔ la ƒe kpui nu. Lilikpo la yɔ gbedoxɔ la fũu, eye Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ƒe keklẽ yɔ xɔxɔnu la. Woate ŋu ase kerubiawo ƒe aʋalaƒoƒo ƒe ɖiɖi le keke xɔxɔnu egodotɔ ke abe Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe gbe, ne eƒo nu ene.
Yehowa ɖe gbe na ame si do aklala biɖibiɖi ƒe awu la be, “Ɖe dzo tso tasiaɖamfɔtiawo dome, le kerubiawo dome.” Ŋutsu la yi ɖatsi tsitre ɖe tasiaɖamfɔtiawo dometɔ ɖeka gbɔ. Tete kerubiawo dometɔ ɖeka do eƒe asi ɖa te ɖe dzo si le wo dome la ŋu. Eɖe dzo la ƒe ɖe ɖe asi na ame si do aklala biɖibiɖi ƒe awu la. Exɔe eye wodo go. Woate ŋu akpɔ nane si ɖi amegbetɔ ƒe asi la le kerubiawo ƒe aʋala te.
Meda ŋku ɖi, eye mekpɔ tasiaɖamfɔti ene le kerubiawo gbɔ, ɖeka le kerubi ɖe sia ɖe gbɔ, eye tasiaɖamfɔtiawo nɔ dzo dam abe kpe xɔasi ene. 10 Wo ame eneawo katã woɖi wo nɔewo; wo dometɔ ɖe sia ɖe nɔ abe tasiaɖamfɔti ɖeka ko wonye ge ɖe nɔvia me ene. 11 Ne wole zɔzɔm la, woyia teƒe eneawo dometɔ ɖeka, afi si kerubi la atrɔ mo ɖo. Tasiaɖamfɔtiawo metrɔna to eme hafi dzea kerubi la yome o. Kerubi la yia afi sia afi si wòtrɔ mo ɖo, eye wometrɔna le zɔzɔme o. 12 Ŋkuwo nɔ woƒe ŋutilã ƒe akpa sia akpa, woƒe dzime, woƒe asiwo kple woƒe aʋalawo ŋu abe ale si wonɔ tasiaɖamfɔti eneawo hã ŋu ene. 13 Mese wonɔ tasiaɖamfɔtiawo yɔm be “yalifɔtiwo.” 14 Mo ene nɔ kerubiawo dometɔ ɖe sia ɖe si. Moawo dometɔ ɖeka nye kerubi tɔ, evelia nye ame tɔ, etɔ̃lia nye dzata tɔ eye enelia nye hɔ̃ tɔ.
15 Kerubiawo kɔ wo ɖokui dzi. Esiawoe nye nu gbagbe siwo mekpɔ le Kebar Tɔsisi la to. 16 Ne kerubiawo ɖe zɔ la, tasiaɖamfɔtiawo nɔa wo xa, eye woawo hã zɔna. Ne kerubiawo keke woƒe aʋala be yewoadzo la tasiaɖamfɔtiawo meɖena ɖa le wo xa o. 17 Ne kerubiawo tɔ la, woawo hã wotɔna, eye ne kerubiawo dzo la, woawo hã wodzona kpli wo, elabena nu gbagbeawo ƒe gbɔgbɔ nɔ wo me.
18 Tete Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe dzo le gbedoxɔ la ƒe kpui la tame, eye wòtɔ ɖe kerubiawo tame. 19 Esi meda ŋku ɖi la, kerubiawo keke woƒe aʋalawo, dzo tso anyigba, eye esi woyina la, tasiaɖamfɔtiawo hã yi kpli wo. Wotɔ ɖe Yehowa ƒe aƒe la ƒe ɣedzeƒegbo la tame, eye Israel ƒe Mawu la ƒe ŋutikɔkɔe nɔ wo tame.
20 Esiawoe nye nu gbagbe siwo mekpɔ le Israel ƒe Mawu la te le Kebar tɔsisi la to eye medze sii be, kerubiwo wonye. 21 Mo ene kple aʋala ene nɔ ɖe sia ɖe si, eye nu si ɖi ame ƒe asiwo la nɔ woƒe aʋalawo te. 22 Woƒe mowo nɔ abe esiwo mekpɔ le Kebar tɔsisi la to ene. Wo dometɔ ɖe sia ɖe yi ŋgɔ tẽe.