13
Fɔbubu alakpanyagblɔɖilawo
Yehowa ƒe nya va nam be, “Ame vi, gblɔ nya ɖi ɖe Israel ƒe nyagblɔɖila siwo le nya gblɔm ɖi fifia la ŋu. Gblɔe na wo dometɔ siwo gblɔa nya ɖi tso woawo ŋutɔ ƒe susu me be, ‘Mise Yehowa ƒe nya!’ ” Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si. Baba na nyagblɔɖila siwo nye abunɛtɔwo, ame siwo dzea woawo ŋutɔ ƒe gbɔgbɔ yome, eye womekpɔa naneke o! O Israel, wò nyagblɔɖilawo le abe abei siwo le gli gbagbãwo dome ene. Mieyi glia ƒe gbagbãƒewo ne miadzrae ɖo na Israel ƒe aƒe la, ale be wòate ŋu anɔ te sesĩe le aʋa me le Yehowa ƒe ŋkeke la dzi o. Woƒe ŋutegawo nye aʋatso, eye woƒe nukakawo nye alakpa; wogblɔna be, “Yehowae gblɔe,” le esime Yehowa medɔ wo o, ke wokpɔa mɔ be, yewoƒe nyawo nava eme. Ɖe miekpɔa aʋatsoŋutegawo, eye miekaa alakpanu esi miegblɔ be, “Yehowae gblɔe” evɔ nyemegblɔ nenema oa?
“Eya ta ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si, ‘Le miaƒe nya dzodzrowo kple miaƒe alakpaŋutegawo ta la, metso ɖe mia ŋu. Aƒetɔ Yehowae gblɔe. Makɔ nye asi dzi ɖe nyagblɔɖila siwo kpɔa alakpaŋutegawo ŋu, eye womanɔ nye amewo ƒe aɖaŋudelawo dome o. Wokaa aʋatsonukakawo, womaŋlɔ woƒe ŋkɔwo ɖe Israel ƒe aƒemetɔwo dome o, eye womage ɖe Israel ƒe anyigba dzi hã o. Ekema mianya be, nyee nye Aƒetɔ Yehowa.’ ”
10 “Le esime wokplɔ nye amewo trae to gbɔgblɔ me be, ‘Ŋutifafa’ li, esime ŋutifafa menɔ anyi o, eye ne wotu gli masemasẽ aɖe la, wosiaa akalo nɛ la, 11 eya ta gblɔ na akalosilawo be, gli la le mumu ge. Tsi adza bababa, maɖo tsikpe ɖa, eye mana ahom sesẽwo natu. 12 Ne gli la mu la, ɖe amewo mabia mi be, ‘Afi ka akalo si miesi nɛ la le o’ mahã?”
13 “Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si, ‘Eya ta le nye dɔmedzoe me la, mana ya sesẽ aɖe naƒo, eye le nye dziku me la, mana tsikpe kple tsi nadza bababa, eye woagblẽ nu. 14 Mamu gli si miesi akalo na, magbãe wòasɔ kple anyigba, ale be eƒe gɔmeɖoɖo natsi gota. Ne emu la, atsrɔ̃ mi, ekema mianyae be, nyee nye Yehowa. 15 Ale maɖe nye dziku helĩhelĩ ɖe gli la kple ame siwo si akalo nɛ la ŋu. Magblɔ na mi be, “Gli la megali o, eya ta ame siwo si akalo nɛ la hã maganɔ anyi o. 16 Israel ƒe nyagblɔɖila siwo gblɔ nya ɖi le Yerusalem la, kpɔ ŋutifafa ƒe ŋutega, le esime ŋutifafa aɖeke menɔ anyi o. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.” ’
17 “Azɔ, ame vi, trɔ wò mo ɖe wò amewo ƒe vinyɔnuvi siwo gblɔ nya ɖi le woawo ŋutɔ ƒe susu nu la ŋu. Gblɔ nya ɖi tsi tsitre ɖe wo ŋu, 18 nàgblɔ be nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi, ‘Baba na nyɔnu siwo doa dzokawo ɖe woƒe alɔnuwo katã, eye wowɔa motsyɔnu didime vovovowo ɖe ta, ale be woatre mɔ na amewo. Ɖe miatre mɔ na nye amewo ƒe agbe, ke miaɖe miawo ŋutɔ tɔa? 19 Miegblɔ nya vlowo ɖe ŋunye le nye amewo dome ɖe lu asiʋlo ʋɛ aɖewo kple abolo kakɛwo ta. To miaƒe aʋatsokaka na nye ame siwo ɖoa to miaƒe alakpanyawo me la, miewu ame siwo maku hafi o, eye mieɖe ame siwo matsi agbe hafi o la ƒe agbe.’
20 “Eya ta ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si, ‘Metsi tsitre ɖe miaƒe dzoka siwo mietsɔna ɖea amewo abe xeviwo ene la ŋuti, eye maɖe wo ɖa le miaƒe abɔwo ŋu. Mana ablɔɖe ame siwo mietre mɔ na abe xeviwo ene. 21 Mavuvu miaƒe motsyɔnuwo, maɖe nye amewo tso miaƒe asi me, eye womaganɔ miaƒe ŋusẽ te o. Ekema mianya be nyee nye Yehowa. 22 Esi mietsɔ alakpa ɖe dzi le ame dzɔdzɔewo ƒo le esime nyemeda nuxaxa ɖe wo dzi o, eye esi miedo ŋusẽ ame vɔ̃ɖiwo be womagaɖe asi le woƒe mɔ vɔ̃ɖiwo ŋu o, ale be woaɖe woƒe agbe o ta la, 23 miagakpɔ alakpaŋutegawo o, eye miagagblɔ alakpanyawo ɖi o. Maɖe nye amewo tso miaƒe asi me. Ekema mianya be nyee nye Yehowa.’ ”