19
Konyifafa le Israel dziɖulawo ŋuti
“Dze konyifaha aɖe gɔme, eye nàgblɔ be,
“ ‘Dzatanɔ kae dawò nye le dzatawo dome?
Emlɔ dzataviwo dome, eye wònye viawo.
Ehe viawo dometɔ ɖeka wòtsi hezu dzata sesẽ aɖe.
Esrɔ̃ nuléle, eye wòléa amewo vuvuna.
Dukɔwo se eŋkɔ ɖe do nɛ, wòge ɖe eme,
wolée, de ga ŋɔtime nɛ, eye wokplɔe yi Egiptenyigba dzi.
 
“ ‘Esi dzatanɔ la kpɔ be yeƒe mɔkpɔkpɔ medze edzi o la,
ebu mɔkpɔkpɔ, tsɔ eƒe dzataviwo dometɔ bubu,
wɔe wòzu dzata sesẽ aɖe.
Enɔ dzatawo dome, elabena ezu dzata sesẽ aɖe azɔ.
Esrɔ̃ nuléle, eye wòléa amewo vuvuna.
Egbã woƒe mɔ sesẽwo ƒu anyi,
eye wòwɔ woƒe duwo wozu aƒedo.
Eƒe gbetete do ŋɔdzi na anyigba la
kple ame siwo katã nɔ edzi
Tete dukɔ siwo tso nuto ma
me godoo la tso ɖe eŋu. Woɖo ɖɔ nɛ, eye woɖee le woƒe asɔʋe me.
Wode ga ŋɔtime nɛ, hee ɖade gaxadza me,
eye wokɔe yi na Babilonia fia.
Ale womegase eƒe gbetete kpɔ le Israel ƒe towo dzi o.
 
10 “ ‘Dawò nɔ abe wainti ene le wò wainbɔ me.
Wodoe ɖe tsi gbɔ.
Etsea ku, eye wòɖe alɔwo fũu le tsi ƒe agbɔsɔsɔ le afi ma ta.
11 Eƒe alɔwo sẽ, eye wonyo woatsɔ awɔ fiatikplɔ.
Ekɔ gbɔ avemeti bubuawo katã ta,
edzena le eƒe kɔkɔ kple eƒe alɔ geɖewo ta.
12 Ke wotsoe ƒu anyi le dɔmedzoe me.
Ɣedzeƒeya na wòyrɔ,
eye woɖe eƒe kutsetsewo ɖa le eŋu.
Eƒe alɔ sesẽawo ku, eye dzo fia wo.
13 Azɔ la, wodoe ɖe gbegbe,
anyigba ƒuƒu aɖe dzi, afi si tsi menɔ o.
14 Dzo bi, kaka tso eƒe alɔ gã ɖeka me,
eye wòbi eƒe tsetseawo.
Alɔ sesẽ aɖeke megatsi eŋu
woatsɔ akpa dziɖula ƒe fiatikplɔe o.
Esia nye konyifaha, eye woawɔ eŋu dɔ abe konyifaha ene.’ ”