21
Babilonia, Mawu ƒe tohehe ƒe yi
Yehowa ƒe nya va nam be, “Trɔ wò mo ɖe Yerusalem ŋu, eye nàgblɔ nya atsi tsitre ɖe kɔkɔeƒe la ŋu. Gblɔ nya ɖi ɖe Israelnyigba ŋu, eye nàgblɔ nɛ be, ‘Ale Yehowa gblɔe nye esi: Metsi tsitre ɖe ŋuwò. Maɖe nye yi le eƒe aku me, eye matsrɔ̃ wò ame dzɔdzɔewo kple ame vɔ̃ɖiwo siaa. Esi mele ame dzɔdzɔewo kple ame vɔ̃ɖiwo siaa tsrɔ̃ ge le dziwò ta la, nye yi aɖe le aku me ɖe ame sia ame ŋu, tso dziehe yi anyiehe. Ekema amewo katã anya be nye Yehowae ɖe nye yi le aku me; magatrɔ yi aku me azɔ o.’
“Eya ta, nɔ ŋeŋem, Ame vi, ŋe le wo ŋkume kple dzigbagbã kple vevesese helĩhelĩ. Eye ne wobia wò be, ‘Nu ka ta nèle ŋeŋem ɖo?’ la, àɖo eŋu be, ‘Le nyadzɔdzɔ si gbɔna la ta. Dzi ɖe sia ɖe alolõ, asi ɖe sia ɖe adze ti, gbɔgbɔ ɖe sia ɖe ayi to, eye klo ɖe sia ɖe agbɔdzɔ abe tsi ene.’ Egbɔna! Ava eme godoo, Aƒetɔ Yehowae gblɔe.”
Aƒetɔ Yehowa ƒe nya va nam, “Ame vi, gblɔ nya ɖi be ‘Nu si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi:
“ ‘Yi, yi, wonyree eye wotutu eŋuti wòle dzo dam.
10 Wonyree hena amewuwu
wotutu eŋu be wòada dzo abe dzikedzo ene!
“ ‘Ɖe míatso aseye le vinye Yuda ƒe fiatikplɔ ŋua? Yi doa vlo ati ma tɔgbi ɖe sia ɖe.
11 “ ‘Woɖo na yi be woatutu eŋu, woake dzo, woalée ɖe asi,
woanyree, asiae, eye woawɔe wòasu te na amewula la ƒe zazã.
12 Do ɣli eye nàfa avi, Ame vi,
elabena egbɔna dzɔdzɔ ge ɖe nye amewo dzi,
ɖe Israel ƒe dziɖulawo katã dzi.
Woda wo kple nye amewo ɖe yinu, eya ta ƒo wò akɔta.
13 “ ‘Dodokpɔɣi ava godoo. Ekema nya kae adzɔ ne Yuda ƒe fiatikplɔ, si yi doa vloe la, megayi edzi o? Aƒetɔ Yehowae gblɔe.’
14 “Ekema, Ame vi, gblɔ nya ɖi, eye nàƒo asikpe.
Na yi nadze ame dzi zi eve alo zi etɔ̃ gɔ̃ hã.
Amewuyie, yi na ame geɖewo wuwu,
yi si amimi wo ɖo to axa ɖe sia ɖe dzi.
15 Ale be dziwo nalolo banaa,
eye ame kukuawo nasɔ gbɔ.
Meda amewuyi la ɖe woƒe agbowo katã nu.
O! Wowɔe be woake dzo abe dzikedzo ene,
wolée na amewuwu.
16 O! Yi, lã nu yi ɖusime, emegbe yi miame,
afi sia afi si wo yi la nu trɔ ɖo.
17 Nye hã maƒo asikpe, eye nye dziku nu abɔbɔ.
Nye Yehowae gblɔe.”
18 Yehowa ƒe nya va nam. 19 “Ame vi, de dzesi mɔ eve be Babilonia fia ƒe yi nato; mɔ eve siawo nadze egɔme tso anyigba ɖeka ma ke dzi. Tu mɔfiati aɖe ɖe afi si mɔa dze le ɖo ta du la me. 20 De dzesi mɔ ɖeka wòato ayi ɖe Amonitɔwo ƒe Raba ŋu, eye bubu nayi Yuda kple Yerusalem, du si woglã la ŋu, 21 elabena Babilonia fia atɔ ɖe mɔdzeƒe la, le mɔ eveawo dzeƒe, be yeaka afa. Aka nu kple aŋutrɔwo, abia gbe eƒe legbawo, eye wòalé ŋku ɖe eƒe aklã ŋuti. 22 Nu si adzɔ ɖe Yerusalem dzi la, woatsɔe ade eƒe nuɖusime, afia afi si woatu gligbãnuwo ɖo, woaɖe gbe be woawu amewo woado aʋaɣli, wòatu gligbãnu ɖe agboawo nu, woaƒo kpo, eye woawɔ atsrɔewo ɖe gliawo ŋu. 23 Adze abe aʋatsoɖeɖefia ene na ame siwo do ŋugbe be yewoanɔ edzi, ke aɖo ŋku woƒe dzidadawo dzi na wo, eye woaɖe aboyo wo.
24 “Eya ta ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si. ‘Esi mi ame siawo mieɖo ŋku miaƒe vodada dzi to miaƒe aglãdzedze me, eye mieɖe miaƒe nu vɔ̃wo fia le nu siwo katã miewɔ me, esi miewɔ esia ta la, woaɖe aboyo mi.’
25 “ ‘O! Wò Israel dziɖula vɔ̃ɖi, ame si gblɔa nya tovowo, ame si ƒe ŋkeke de, ame si ƒe ɣeyiɣi na tohehe ɖo eƒe kɔkɔƒe, 26 ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si. Ɖe wò tablanu, eye nàɖe wò fiakuku. Maganɔ abe ale si wònɔ tsã la ene o: woado ame tsɛwo ɖe dzi, eye woabɔbɔ amegãwo ɖe anyi. 27 Gbegblẽ! Gbegblẽ! Mawɔe wòazu gbegblẽ. Womagbugbɔe aɖo te o va se ɖe esime wòava aɖo ame si tɔ wònye la ƒe asi me; eyae matsɔe ana.’
28 “Eye wò, Ame vi, gblɔ nya ɖi be, ‘Alea Yehowa gblɔ tso Amonitɔwo kple woƒe amedzudzuwo ŋue nye esi:
“ ‘Yi, yi, woɖee le aku me na amewuwu,
wotutu eŋu wòle dzo dam
abe dzikedzo ene hena nugbegblẽ.
29 Togbɔ be aʋatsoŋutegawo ƒe alakpaɖeɖefiawo le ŋuwò hã la,
woatsɔe ada ɖe kɔ dzi na ame vɔ̃ɖi
siwo wole wuwu ge,
ame siwo ƒe ŋkeke de, eye woƒe tohehe
ƒe ɣeyiɣi ɖo eƒe kɔkɔƒe.
30 Tsɔ yi la de eƒe aku me.
Madrɔ̃ ʋɔnu wò le teƒe si wowɔ wò le,
le fofowòwo ƒe anyigba dzi.
31 Matrɔ nye dziku akɔ ɖe dziwò,
eye magbɔ nye dɔmedzoe helĩhelĩ
ƒe dzo ƒe ya ɖe ŋuwò.
Matsɔ wò ade asi na ŋutasẽlawo,
ame siwo bi ɖe nu gbegblẽ ƒe aɖaŋu me.
32 Ànye nake na dzo,
woakɔ wò ʋu ɖi le wò anyigba dzi,
womagaɖo ŋku dziwò o,
elabena nye Yehowae gblɔe.’ ”