35
Nyagblɔɖi ɖe Edom ŋuti
Yehowa ƒe nya va nam be, “Ame vi, trɔ mo ɖe Seir to la gbɔ, gblɔ nya ɖi ɖe eŋu, eye nàgblɔ be nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye, ‘Metso ɖe ŋuwò, Seir to la, mado nye asi ɖa ɖe ŋuwò, eye matsɔ wò awɔ aƒedo kple gbegbee. Matrɔ wò duwo woazu aƒedo, eye wò ŋutɔ àzu gbegbe. Ekema ànya be, nyee nye Yehowa.’
“ ‘Esi nèlé fu nye dukɔ Israelviwo ɖikaɖika tso blema ke, eye nètsɔ wo de asi na yi le esime woƒe tohehe ɖo kɔkɔƒe la, eya ta meta ɖokuinye ƒe agbe, Aƒetɔ Yehowae gblɔe, be matsɔ wò ade asi na ʋukɔkɔɖi, eye wòanɔ wò yome. Esi mèlé fu ʋukɔkɔɖi o ta la, ʋukɔkɔɖi akplɔ wò ɖo. Mawɔ Seir to la aƒedo kple gbegbe, eye maɖe ame siwo vana, gadzona ɖa le wo dzi. Mana ame kukuwo nayɔ toawo dzi, ame siwo tsi yi nu la nayɔ wò togbɛwo dzi, wò baliwo me kple wò gbadzaƒewo katã. Matsɔ wò awɔ gbegbee ɖika, eye amewo maganɔ wò duwo me o. Ekema ànya be, nyee nye Yehowa.’
10 “Elabena ègblɔ be, ‘Dukɔ eve kple anyigba eve siawo anye mía tɔwo, eye míaxɔ wo’ togbɔ be nye, Yehowa, menɔ afi ma hã. 11 Eya ta Aƒetɔ Yehowa ta eƒe agbe be, ‘Mawɔ na mi ɖe dziku kple ŋuʋaʋã si mieɖe fia le miaƒe fuléle wo me nu, eye mana woanyam ne medrɔ̃ ʋɔnu wo. 12 Ekema mianya be, nye Yehowa mese vlodoamenya siwo katã miegblɔ tso Israel ƒe towo kple togbɛwo ŋuti. Miegblɔ be, “Wozu gbegbe, eye wotsɔ wo na mí be míaɖu.” 13 Mieƒo adegbe, tsi tsitre ɖe ŋunye, miegblɔ nya vɔ̃wo bababa ɖe ŋunye, eye mese wo. 14 Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi, “Esime xexea me katã le aseye tsom la, mana nàzu gbegbe. 15 Esi miekpɔ dzidzɔ esime Israel ƒe aƒe ƒe domenyinu zu gbegbe ta la, nu si mawɔ wòe nye àzu gbegbe, O! Seir to, wò kple Edom blibo la. Ekema mianya be nyee nye Yehowa.” ’ ”