38
Nyagblɔɖi ɖe Gog ŋu
Yehowa ƒe nya va nam be, “Ame vi, trɔ wò mo ɖe Gog ŋu, ɖe Magognyigba, ame si nye amegã le Mesek kple Tubal ŋu, nàgblɔ nya ɖi ɖe eŋu, eye nàgblɔ be, ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Metso ɖe ŋuwò, O! Gog, wò si nye amegã le Mesek kple Tubal. Matrɔ wò to eme, maƒo ga ɖe wò glãƒuwo me, eye mahe wò ado goe kple wò aʋakɔ blibo la, wò sɔwo, wò sɔdolawo, ame siwo bla akpa kple ameha gã, ame siwo kpla akpoxɔnu gãwo kple ɖagbiwo, wo katã woanɔ woƒe yiwo nyem le yame. Persia, Kus kple Put akpe ɖe wo ŋu, wo katã woakpla akpoxɔnuwo, eye woaɖɔ gakukuwo, Gomer hã kple eƒe aʋawɔlawo katã kple Bet Togarma tso keke anyiehe ke kple eƒe aʋawɔlawo katã, dukɔ geɖewo akpe ɖe ŋuwò.”
“Nɔ klalo, nàdzra ɖo, wò kple ameha gã siwo ƒo ƒu ɖe ŋuwò, eye nànɔ wo nu. Le ŋkeke geɖewo megbe la, woabia tso asiwò be, nàbla akpa hena aʋawɔwɔ. Le ƒe siwo gbɔna me la, àho aʋa ɖe anyigba aɖe si vo tso aʋawɔwɔ me la ŋu, woƒo eƒe amewo nu ƒu tso dukɔ geɖewo me ɖe Israel ƒe to siwo nye gbegbe ɣeyiɣi didi aɖe la dzi. Woɖe wo tso dukɔwo me, eye azɔ la, wo katã wole dedie. Wò kple wò aʋawɔlawo katã kple dukɔ geɖe siwo le dziwò la, miaɖe zɔ abe ahomya ene; mianɔ abe lilikpo ene atsyɔ anyigba la dzi.”
10 Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: “Le ŋkeke ma dzi la, susuwo aɖo ta me na wò, eye nàwɔ ɖoɖo vɔ̃ aɖe.” 11 Àgblɔ be, “Maho aʋa ɖe du sue siwo womeglã o la ŋuti. Madze ame siwo nye ŋutifafamewo, eye womele mɔkpɔkpɔ me o la dzi; wo katã mele glikpɔwo me o, eye agbowo kple gametiwo mele wo nu o. 12 Maha wo, eye makɔ nye asi dzi ɖe du siwo gbã, eye wogbugbɔ wo tu kple ame siwo nu woƒo ƒui tso dukɔwo me, ame siwo si lãwo kple nunɔamesiwo le, eye wole anyigba la titina la ŋu.” 13 Seba kple Dedan kple Tarsis ƒe asitsalawo kple eƒe kɔƒewo me nɔlawo katã woagblɔ na wò be, “Ɖe nèva be yeaha mía? Ɖe nèkplɔ wò amewo vɛ be woaha mí, woatsɔ klosalo kple sika kple kesinɔnuwo kple afunyinuwo adzoea?”
14 Eya ta Ame vi, gblɔ nya ɖi, eye nàgblɔ na Gog be, ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Gbe ma gbe ne nye amewo, Israelviwo ɖe dzi ɖi le dedinɔnɔ me la, màde dzesii oa? 15 Àva tso wò nɔƒe le anyiehe ƒe didiƒe, wò kple dukɔ geɖe siwo akpe ɖe ŋuwò, wo katã woanɔ sɔwo dzi, ameha gã aɖe kple aʋakɔ dranyi aɖe. 16 Àlu ɖe nye dukɔ, Israel, dzi abe lilikpo si atsyɔ anyigba la dzi ene. Le ŋkeke siwo gbɔna me la, O! Gog, mana nàtso ɖe nye anyigba ŋu, ale be dukɔwo adze sim ne mefia ɖokuinye kɔkɔe to dziwò le woƒe ŋkume.
17 “Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Menye wòe nye ame si ŋu meƒo nu tsoe le ŋkeke siwo va yi me to nye dɔlawo, Israel ƒe nyagblɔɖilawo dzi oa? Le ɣe ma ɣi me la, wogblɔ nya ɖi ƒe geɖewo be mana nàtso ɖe wo ŋu. 18 Nu siae adzɔ gbe ma gbe. Ne Gog ho aʋa ɖe Israelnyigba ŋu la, mado dziku helĩhelĩ; Aƒetɔ Yehowae gblɔe. 19 Le nye ŋuʋaʋã kple dɔmedzoe helĩhelĩ me la, megblɔ be, le ɣe ma ɣi me la, anyigbaʋuʋu sesẽ aɖe anɔ Israelnyigba dzi. 20 Ƒumelãwo, dziƒoxeviwo, gbemelãwo, nu gbagbe ɖe sia ɖe si tana le anyigba, eye ame siwo katã le anyigba dzi la adzo nyanyanya le nye ŋkume. Towo atrɔ abu, agakpewo atu wɔ, eye gli ɖe sia ɖe amu. 21 Mana yi natso ɖe Gog ŋu le nye toawo katã dzi. Aƒetɔ Yehowae gblɔe. Ame sia ame atsɔ yi ɖe nɔvia ŋu. 22 Madrɔ̃ ʋɔnui kple dɔvɔ̃ kple ʋukɔkɔɖi. Makɔ tsidzadza, tsikpe kple aŋɔ xɔdzo ɖe eya kple eƒe aʋakɔ kple dukɔ geɖe siwo le edzi la dzi. 23 Ale maɖe nye gãnyenye kple kɔkɔenyenye afia, eye mana woanyam le dukɔ geɖewo me. Ekema woanya be, nyee nye Yehowa.”