4
Toɖeɖe ɖe Yerusalem ƒe kpɔɖeŋu
“Azɔ la, ame vi, tsɔ anyikpe aɖe, dae ɖe wò ŋkume, eye nàta Yerusalem du la ɖe edzi. Na ameawo naɖe to ɖee; tu nu siwo woatsɔ aɖe to ɖee la ɖe eŋu. Tu xɔ tsralawo ɖe eŋu, eye nàtu gligbãnuwo aƒo xlãe. Emegbe la, nàtsɔ gagba awɔ gagli ɖe wò kple dua ƒe gliwo dome, eye nàdze ŋgɔe. Woaɖe to ɖee, eye nàxaxae ɖo. Esia anye dzesi aɖe na Israel ƒe aƒe la.
“Ekema nàmlɔ wò miamekpa dzi, eye nàtsɔ Israel ƒe aƒe la ƒe nu vɔ̃wo ada ɖe ɖokuiwò dzi. Ele na wò be nàtsɔ woƒe nu vɔ̃wo ŋkeke ale si nàmlɔ wò miamekpa dzi. Metsɔ ŋkekewo ƒe xexlẽme ma ke na wò abe woƒe nu vɔ̃wo ƒe ƒewo ƒe xexlẽme ene. Ale hena ŋkeke alafa etɔ̃ kple blaasieke (390) la, àtsɔ Israel ƒe aƒe la ƒe nu vɔ̃wo.
“Ne èwɔ esia vɔ la, nàgamlɔ anyi, azɔ ɖe wò ɖusimekpa dzi, eye nàtsɔ Yuda ƒe aƒe la ƒe nu vɔ̃wo. Metsɔ ŋkeke blaene na wò, ŋkeke ɖeka ɖe ƒe ɖeka nu. Trɔ wò mo ɖo ɖe toɖeɖe ɖe Yerusalem gbɔ. Mègatsɔ naneke tsyɔ abɔ o, eye nàgblɔ nya ɖi ɖe Yerusalem ŋu. Mabla wò kple ka ale be màte ŋu atrɔ tso axa ɖeka dzi ayi evelia dzi o va se ɖe esime nàwu wò toɖeɖe ɖe du la ƒe ŋkekewo nu.
“Tsɔ bli, lu, ayi, ƒo kple mɔlu dzra ɖo ɖe ze me, tsɔ wo nàƒo aboloe na ɖokuiwò, eye nàɖui le ŋkeke alafa etɔ̃ kple blaasieke (390) siwo me nàmlɔ axadzi. 10 Da nuɖuɖu gram alafa eve blaatɔ̃ (250) na ɖuɖu gbe sia gbe, eye nàɖui le ɣeyiɣi ɖoɖowo dzi. 11 Kpe ɖe esia ŋu la, dzidze tsi hin ƒe mama adelia ƒe ɖeka, eye nànoe le ɣeyiɣi ɖoɖowo dzi. 12 Ɖu nu la abe lubolo ene. Mee le ameawo ƒe ŋkume le dzo si wodo kple amegbetɔ ƒe afɔdzi la dzi.” 13 Yehowa gblɔ be, “Ale Israelviwo aɖu nu makɔmakɔ le dukɔwo dome, afi si manya wo aɖo ɖo.”
14 Tete megblɔ be, “Ao, Yehowa, nyemegblẽ kɔ ɖo na ɖokuinye kpɔ haɖe o. Tso nye ɖekakpuime va se ɖe fifia la, nyemeɖu nu kuku aɖeke alo lã si lã wɔadãwo vuvu la kpɔ o. Lã makɔmakɔ aɖeke mege ɖe nye nu me kpɔ o.”
15 Egblɔ nam be, “Enyo ŋutɔ; mana nàme wò abolo le dzo si wodo kple nyi ƒe afɔdzi la dzi ɖe esi wodo kple amegbetɔ ƒe afɔdzi teƒe.”
16 Emegbe la, egblɔ nam be, “Ame vi, mana be nuɖuɖu magaɖo Yerusalem o. Amewo aɖu nu si woama na wo le dzitsitsi me, eye woano tsi si woadzidze ama na wo le dziɖeleameƒo me, 17 elabena nuɖuɖu kple tsi magabɔ o. Ne wokpɔ wo nɔewo la, woƒe nu aku, eye woatsrɔ̃ le woƒe nu vɔ̃wo ta.”