42
Nunɔlawo ƒe xɔwo
Tete ŋutsu la kplɔm ɖo ta anyiehe gome yi xɔxɔnu egodotɔ me, eye míeyi xɔ siwo le gbedoxɔ la ƒe xɔxɔnu ƒe axadzi kple egodogli si le anyiehe gome la me. Xɔ si ƒe ʋɔtru dze ŋgɔ anyiehe la didi mita blaatɔ̃, eye wòkeke mita blaeve vɔ atɔ̃. Le teƒe eve siwo didi mita ewo tso xɔxɔnu emetɔ gbɔ, eye le teƒe si le xɔxɔnu egodotɔ ƒe kpeɖoɖoawo kasa la, xɔmedziƒoxɔ dze ŋgɔ xɔmedziƒoxɔ le ɖoƒe etɔ̃awo. Mɔ aɖe le xɔawo ŋgɔ, ekeke mita atɔ̃, eye wòdidi mita blaatɔ̃. Woƒe ʋɔtruwo ɖo ta anyiehe gome. Xɔtamexɔ etɔ̃liawo me mekeke abe etetɔwo me ene o, elabena sɔtiwo ƒe akpata xɔ teƒe le wo si. Sɔtiwo mele xɔtamexɔ etɔ̃lia ƒe xɔwo ŋu abe xɔxɔnu la ene o, ale wo me le sue wu xɔ siwo le ɖoɖo etetɔwo me. Egodogli aɖe le xɔawo kple xɔxɔnu egodotɔ dome. Ekeke mita blaeve vɔ atɔ̃ le xɔawo ŋgɔ. Esime xɔ siwo le xɔxɔnu egodotɔ ƒe axadzi didi mita blaeve vɔ atɔ̃ la, esiwo te ɖe gbedoxɔ la ŋu la didi mita blaatɔ̃. Mɔnu le xɔ etetɔwo ŋu le ɣedzeƒe lɔƒo ne woage ɖe wo me to xɔxɔnu egodotɔ la dzi.
10 Xɔwo nɔ xɔxɔnu egodotɔ ƒe gli ƒe didime ŋu le dziehe gome; wote ɖe gbedoxɔ la ƒe xɔxɔnu ŋu le gli egodotɔ kasa, 11 eye mɔnu aɖe nɔ wo ŋgɔ. Esiawo nɔ abe xɔ siwo nɔ anyiehe ene. Woƒe didime sɔ kple woƒe kekeme, eye woƒe mɔnuwo kple dzidzemewo ɖi anyiehexɔwo tɔwo. Woƒe mɔnuwo 12 ɖi xɔ siwo le dziehe gome tɔwo. Mɔnu ɖeka nɔ glia ƒe gɔmedzedze, si le ɣedzeƒe lɔƒo la kasa afi si woato age ɖe xɔawo me.
13 Tete wògblɔ nam be, “Xɔ siwo le anyiehe kple dziehe, eye wodze ŋgɔ gbedoxɔ la ƒe xɔxɔnu la nye nunɔlawo ƒe xɔwo, afi si nunɔla siwo tena ɖe Yehowa ŋu la aɖu vɔsanu kɔkɔeawo le. Afi mae woatsɔ vɔsanu kɔkɔewo, nuɖuvɔsanuwo, nu vɔ̃ ŋuti vɔsanuwo kple fɔɖivɔsanuwo ada ɖo, elabena teƒe la le kɔkɔe. 14 Ne nunɔlawo ge ɖe Kɔkɔeƒe la ko la, mele be woagayi xɔxɔnu egodotɔ o va se ɖe esime woagblẽ woƒe awu siwo wodo hewɔ subɔsubɔdɔ la ɖe megbe, elabena esiawo le kɔkɔe. Ele be woado awu bubuwo hafi ate ɖe teƒe siwo amewo nɔna la ŋu.”
15 Esi wòwɔ nu siwo nɔ gbedoxɔ la gbɔ vɔ la, ekplɔm do goe to ɣedzeƒegbo la me, eye wòdzidze teƒe si ƒo xlã afi ma. 16 Etsɔ dzidzeti la dzidze eƒe ɣedzeƒe lɔƒo wòdidi mita alafa eve blaatɔ̃ (250). 17 Edzidze eƒe anyiehe lɔƒo wòdidi mita alafa eve kple blaatɔ̃ (250) le dzidzeti la nu. 18 Edzidze eƒe dziehe lɔƒo wòdidi mita alafa eve kple blaatɔ̃ (250) le dzidzeti la nu. 19 Azɔ la, etrɔ do ɖe ɣetoɖoƒe lɔƒo, eye wòdzidzee wònɔ mita alafa eve kple blaatɔ̃ (250) le dzidzeti la nu 20 Ale wòdzidze akpa eneawo katã. Gli aɖe ƒo xlãe; gli la didi mita alafa eve kple blaatɔ̃ (250), keke mita alafa eve kple blaatɔ̃, eye wòma kɔkɔeƒe la ɖa tso teƒe bubuawo gbɔ.