7
Nuwuwu la ɖo
Yehowa ƒe gbe va nam be, “Ame vi, aleae Aƒetɔ Yehowa gblɔ na Israel ƒe anyigba:
“ ‘Nuwuwu la! Nuwuwu la ɖo
eɖo xexea me ƒe dzogoe eneawo dzi!
Nuwuwu la va mia dzi azɔ,
eye mana nye dɔmedzoe nabi ɖe mia ŋu.
Madrɔ̃ ʋɔnu mi ɖe miaƒe nɔnɔme ŋu,
eye mahe to na mi katã ɖe miaƒe ŋunyɔnuwɔnawo ta.
Nyemakpɔ nublanui na mi loo
alo ana miakpɔ ɖeɖe o.
Mahe to na mi ɖe miaƒe nɔnɔme
kple ŋukpenanu siwo le edzi yim le mia dome la ta kokoko.
 
“ ‘Ekema mianya be, nyee nye Yehowa.’
 
“Aƒetɔ Yehowa gblɔ be,
“ ‘Dzɔgbevɔ̃e! Dzɔgbevɔ̃e si tɔgbi ƒe nya womese kpɔ o la!
Kpɔ ɖa, eva ɖo.
Nuwuwu la va ɖo.
Nuwuwu la va ɖo.
Efɔ eɖokui ɖe ŋutiwò.
Kpɔ ɖa, eva ɖo!
Tsɔtsrɔ̃ va mia dzi
mi anyigbadzinɔlawo dzi.
Ɣeyiɣi la de, ŋkeke la tu aƒe.
Nuxaxa le toawo dzi, dzidzɔ aɖeke meli o.
Esusɔ vie matrɔ nye dziku akɔ ɖe mia dzi,
eye magblẽ nye dɔmedzoe ɖe mia ŋu.
Madrɔ̃ ʋɔnu mi ɖe miaƒe nɔnɔme ŋu,
eye mahe to na mi ɖe miaƒe ŋukpenanuwo katã ta.
Nyemakpɔ nublanui na mi
alo aɖe mi o.
Mahe to na mi ɖe miaƒe nɔnɔme ŋu
kple ɖe miaƒe ŋukpenanu siwo le edzi yim le mia dome la ta.
 
“ ‘Ekema mianya be nye, Yehowae tu nu kpli mi.
10 “ ‘Kpɔ ɖa, ŋkeke la!
Kpɔ ɖa, eva ɖo!
Dzɔgbevɔ̃e do,
ameƒoti do lotoo,
eye dada ƒo se.
11 Ŋutasesẽ tsi zu ameƒoti
hena tohehe na ame vɔ̃ɖiwo.
Womagblẽ ame aɖeke ɖi o;
womagblẽ ameha ma me nɔla aɖeke,
kesinɔnu aɖeke
alo nu xɔasi aɖeke ɖi o.
12 Ɣeyiɣi de,
ŋkeke la va ɖo.
Nudzrala megatso aseye,
eye nuƒlela megafa konyi o,
elabena dɔmedzoe dze ɖe ameha la katã dzi.
13 Anyigbadzrala magbugbɔ eƒe anyigba si
wòdzra la axɔ
zi ale si wo ame eve la le agbe o,
elabena womatrɔ ŋutega si wokpɔ
tso ameha blibo la ŋu o.
Le woƒe nu vɔ̃wo ta la, wo dometɔ ɖeka pɛ gɔ̃ hã
matsi agbe o.
 
14 “ ‘Togbɔ be woaku kpẽ,
eye woawɔ nu sia nu wòasɔ gbe gɔ̃ hã la,
ame aɖeke mayi aʋa o,
elabena nye dɔmedzoe bi ɖe ameha la kã.
15 Yi le gota,
eye dɔvɔ̃ kple dɔwuame le aƒe me.
Yi awu ame siwo le gbedzi,
eye ame siwo le du me la,
dɔwuame kple dɔvɔ̃ atsrɔ̃ wo.
16 Ame siwo katã atsi agbe, eye woasi la,
woayi toawo dzi,
anɔ konyi fam abe ahɔnɛ siwo le baliwo me ene,
ɖe sia ɖe ɖe eƒe nu vɔ̃wo ta.
17 Alɔ ɖe sia ɖe ado agblɔ,
eye klo ɖe sia ɖe agbɔdzɔ abe tsi ene.
18 Woatsyɔ konyifavɔ,
eye woado ŋɔdzi abe awu ene,
ŋukpe anɔ mo na wo,
eye woalũ ta na wo.
 
19 “ ‘Woatsɔ woƒe klosalo aƒu gbe ɖe ablɔwo dzi,
eye woƒe sika azu nu makɔmakɔ.
Woƒe klosalo kple sika
mate ŋu aɖe wo
le Yehowa ƒe dɔmedzoedogbe la o.
Womatsɔe atsi woƒe dɔwuame nu o,
eye womatsɔe aɖi ƒoe na wo o,
elabena ena wodze nu vɔ̃ me.
20 Wodana ɖe woƒe lekewɔnu dzeaniwo dzi,
eye wotsɔ wo wɔ woƒe legba nyɔŋuwo
kple aklamakpakpɛ vlowo.
Eya ta matrɔ nu siawo woazu nu makɔmakɔwo na wo.
21 Mana wo katã nazu afunyinu na amedzrowo
kple nuhaha na ŋutaselã siwo le anyigba dzi,
eye woagblẽ kɔ ɖo na wo.
22 Matrɔ mo ɖe adzɔge tso wo gbɔ,
eye woagblẽ kɔ ɖo na nye teƒe vevi la.
Adzodalawo age ɖe eme,
eye woagblẽ kɔ ɖo nɛ.
 
23 “ ‘Miwɔ kɔsɔkɔsɔwo da ɖi,
elabena ʋukɔkɔɖi bɔ ɖe anyigba la dzi,
eye ŋutasesẽ yɔ dua me.
24 Makplɔ dukɔ vɔ̃ɖitɔwo vɛ
be woava xɔ woƒe aƒewo,
matsi ŋusẽtɔwo ƒe dada nu,
eye woagblẽ kɔ ɖo na woƒe Kɔkɔeƒewo.
25 Ne ŋɔdzi do la,
woadi ŋutifafa, gake manɔ anyi o.
26 Dzɔgbevɔ̃e akplɔ dzɔgbevɔ̃e ɖo,
eye ŋɔdzinya adze ŋɔdzinya yome.
Ana woadze agbagba be yewoaxɔ ɖeɖefia tso nyagblɔɖilawo gbɔ,
nunɔlawo ƒe sewo fiafia
kple ametsitsiwo ƒe nufiame maganɔ anyi o.
27 Fia la afa konyi,
dzi aɖe le fiavi la ƒo,
eye anyigba la dzi tɔwo ƒe asiwo adzo nyanyanya.
Matu nu kpli wo le woƒe nɔnɔme nu,
eye madrɔ̃ ʋɔnu wo ɖe woawo ŋutɔ ƒe gɔmesese nu.
 
“ ‘Ekema woanya be nyee nye Yehowa.’ ”