3
Wodɔ Timoteo ɖo ɖe Tesalonika
Mlɔeba la, esi míate ŋu agado dzi o la, míeɖoe be míawo ɖeɖe míatsi Atene, eye míeɖo Timoteo, mía nɔvi kple hadɔwɔla; Mawu ƒe dɔla si ɖea gbeƒã Kristo ƒe nyanyui la ɖe mi, be wòava do ŋusẽ miaƒe xɔse, eye wòade dzi ƒo na mi, ale be miate ŋu alé dzi ɖe ƒo le miaƒe fukpekpe siawo katã me. Gake mienya be fukpekpe mawo nye Mawu ƒe ɖoɖo ƒe akpa aɖe na mi kristotɔwo. Esi míenɔ mia gbɔ gɔ̃ hã la, míegblɔe na mi do ŋgɔ be fukpekpe kple yometiti ava kpuie abe ale si wòva dzɔe ene.
Abe ale si megblɔ va yi ene la, esi míekpɔ be míaƒe mia gbɔ vava le megbe tsim akpa la, míeɖo Timoteo ɖa, be wòakpɔe ɖa be miaƒe xɔse gale te sesĩe mahã. Mevɔ̃ be ɖewohĩ tela va te mi kpɔ, eye míaƒe agbagbadzedzewo katã zu dzodzro.
Timoteo he dzidzɔnya vɛ
Azɔ la, Timoteo trɔ gbɔ, eye wòtsɔ dzidzɔnya sia vɛ na mí be miaƒe xɔse kpe lɔlɔ̃ le Aƒetɔ la me gale te sesĩe ko abe tsã ene, eye be mieɖoa ŋku míaƒe mia gbɔ vava dzi kple dzidzɔ, eye miedi vevie be yewoakpɔ mí abe ale si míawo hã míedi vevie be míakpɔ mi ene. Eya ta nɔvi lɔlɔ̃awo, míaƒe dziwo kpɔ akɔfafa, le míaƒe hiãwo kple fukpekpewo me le miaƒe xɔse ta. Elabena míenya azɔ be miele te sesĩe nyateƒetɔe le Aƒetɔ la me.
Aleke míawɔ ada akpe na Mawu wòade eteƒe ɖe mia ta, ɖe dzidzɔ si míekpɔ le míaƒe Mawu la ŋkume le mia ta? 10 Elabena zã kple keli la, míedoa gbe ɖa ɖe mia ta atraɖii; míebiaa Mawu be wòaɖe mɔ be míagakpɔ mi, ale be míate ŋu aɖe kuxi siwo aganɔ fu ɖem na miaƒe xɔse la ɖa. 11 Mawu mía Fofo la ŋutɔ kple míaƒe Aƒetɔ Yesu nagbugbɔ mí ɖo ɖe mia gbɔ 12 eye Aƒetɔ la nawɔe be miaƒe lɔlɔ̃ na mia nɔewo nayɔ fũu agbã go abe ale si míaƒe lɔlɔ̃ na mi le la ene. 13 Esia ana be Mawu mía Fofo la nana be miaƒe dziwo nakpɔ ŋusẽ, anɔ dzadzɛ, ale be miate ŋu ado ɖe eŋkume fɔɖiɖimanɔŋui nenye be míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo trɔ gbɔ kple eƒe ame kɔkɔewo. Amen.