5
Wobu fɔ Israel
“Miɖo to nya sia,
O, mi nunɔlawo kple Israel ƒe aƒe,
miƒu to anyi;
O, mi fia ƒometɔwo katã, miɖo to,
mebe mi katã miatsrɔ̃!
Elabena mieble nye dukɔ la le Mizpa,
mienye ɖɔ woɖo ɖe Tabɔr to dzi
kple ʋe goglo si woɖe ɖe Sitin,
gake migaŋlɔ be,
be maɖo eteƒe na ame sia ame ɖe nu si wòwɔ la ta o.
Menya Efraim nyuie, eye Israel hã meɣla ɖem o.
O Efraim, ètrɔ zu gbolo,
eye Israel gblẽ kɔ ɖo na eɖokui.
 
“Miaƒe nuwɔwɔwo mate ŋu
ana miatrɔ ava miaƒe Mawu la gbɔ o,
elabena gbolowɔwɔ ƒe gbɔgbɔ le miaƒe dzi me ke,
eye le esia ta miate ŋu anya Yehowa o.
Israel ƒe aglãdzedze ɖi ɖase tso eŋuti le nye ʋɔnu.
Efraim kple Yuda woadze anyi le woƒe nu vɔ̃ ta.
Mlɔeba la, woava do kple woƒe alẽwo
kple nyiwo be woasa vɔ na Yehowa,
gake womakpɔe o,
elabena eɖe eɖokui ɖa tso wo gbɔ.
Wometo nyateƒe na Yehowa o,
elabena wodzi ahasiviwo.
Azɔ dzinu yeye ƒe ŋkekenyui aɖu wo
kple woƒe nunɔamesiwo.
 
“Miku lãdzo le Gibea,
eye miaku kpẽ le Rama.
Mido aʋaɣli sesĩe le Bet Aven.
O Benyamin, kpɔ megbewò ɖa!
Woagbã Efraim gudugudu
ne ʋɔnudrɔ̃gbe la ɖo.
Le Israel ƒe toawo dome la,
nu siwo mena wo nya la ava eme godoo.
10 Yuda ƒe amegãwo le abe
ame siwo ŋea liƒo ɖe eme la ene,
eya ta matrɔ nye dɔmedzoe akɔ ɖe
wo dzi bɔbɔbɔ abe tɔɖɔɖɔ ene,
11 eye woaŋe Efraim, agbãe gudugudu,
elabena eɖoe kplikpaa be yeadze legbawo yome.
12 Maɖu Efraim, agblẽ edome abe ale si gbagbladza ɖua avɔe ene,
eye magblẽ Yuda dome abe ale si ŋɔ ɖua aŋgba ene.
 
13 “Esi Efraim kpɔ eƒe dɔléle,
eye Yuda hã kpɔ eƒe abiwo ta la,
Efraim trɔ ɖe Asiria ŋu,
eye wòdɔ ame ɖo ɖe fiagã la gbɔ,
gake mate ŋu ada gbe le mia ŋu,
ana miaƒe abiwo naku o.
14 Manye dzata ɖe Efraim ŋu,
eye manye dzatavi ɖe Israel ƒe aƒe la ŋu.
Nye, ɛ̃, nye ŋutɔ mavuvu wo ʋayaʋaya adzo;
malé wo adzoe, eye ame aɖeke maxɔ wo le asinye o.
15 Magblẽ wo ɖe aboyo me,
atrɔ yi aƒe va se ɖe esime wolɔ̃ be yewodze agɔ,
atrɔ ɖe ŋutinye, aɖe kuku nam,
elabena ne fukpekpe dze wo dzi la,
woadi nye mɔ.”