22
Nyagblɔɖi ɖe Yerusalem ŋu
Esiae nye nyagblɔɖi ɖe ŋutega balime la ŋu.
Nu kae ɖe mi ɖe nu
hafi mi katã miede xɔwo tame?
O! Hoowɔwɔ ƒe du,
ʋunyaʋunya kple aglotutu ƒe du,
nu kae le wɔwòm?
Wò ame kukuwo la, menye yi nu wotsi o,
eye menye aʋa hãe wotsi o.
Wò dumegãwo katã si dzo;
wotsɔ wo ɖokuiwo na futɔwo,
eye womeʋli wo ɖokui ta o.
Togbɔ be wosi dzo esi futɔ la megogo wo kura o
hã la, wolé wò amewo katã,
eye wozu aboyomewo.
Eya ta megblɔ be, “Miɖe kɔ ɖa le ŋunye,
eye mina mɔm mafa avi vevie.
Migafa akɔ nam ɖe nye ameawo ƒe tsɔtsrɔ̃ ta o”,
elabena Aƒetɔ Yehowa,
Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ɖo ŋkeke ɖi na ʋunyaʋunya,
nuwo fanyafanya kple ŋɔdzi le ŋutega balime la,
ŋkeke si dzi woamu gliwo aƒu anyi,
eye ɣli aɖi le towo tame.
Elam kpla daku, eƒe tasiaɖam
kple sɔdolawo kpe ɖe eŋuti,
eye Kir ɖe nu le eƒe akpoxɔnu ŋu.
Ale tasiaɖamwo yɔ wò balime nyuitɔ,
eye woɖe sɔdolawo ɖe wò agbowo nu.
 
Ale Aƒetɔ la ɖe Yuda ƒe akpoxɔnuwo katã ɖa,
eye Yuda di xɔ si wotu ɖe ave me, si me aʋawɔnuwo nɔ la
vevie gbe ma gbe.
Miekpɔ be gbagbãƒe geɖewo
le David ƒe du la ŋu,
eya ta mielɔ tsi ɖe anyigbeta la me.
10 Miexlẽ xɔ siwo le Yerusalem,
hegbã woƒe gliwo be miagbugbɔ wo aglã.
11 Mieɖe tsiʋe gã aɖe ɖe gli eveawo dome,
helɔ tsi le ta xoxo la me kɔ ɖe eme,
gake miebia ame si wɔe la ta se o,
alo miede bubu ame si wɔ ɖoɖo ɖe eŋu
tso blema ke la ŋu o.
 
12 Aƒetɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la,
di tso mia si le ŋkeke ma dzi be,
miafa avi, afa konyi, alũ ta kolikoli.
13 Ke mikpɔ ɖa, miele dzidzɔ kpɔm, le aglo tum.
Miewu nyiwo, tso alẽwo;
mieɖu lã, mieno wain, eye miegblɔ be,
“Mina miaɖu nu,
ano nu, elabena etsɔ miele kuku ge!”
14 Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, gblɔ nam be, “Womatsɔ nu vɔ̃ sia ake mi o va se ɖe miaƒe kugbe.” Aƒetɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.
15 Ale Aƒetɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, gblɔ nye esi,
“Tso nàyi Sebna,
nuwo dzikpɔla, ame si le aƒea nu
la gbɔ, nàgblɔ nɛ be,
16 ‘Nu ka wɔm nèle le afi sia,
eye ame kae ɖe mɔ na wò be
naɖe yɔdo na ɖokuiwò ɖe afi sia hafi nèle yɔdo ɖem
ɖe kɔkɔƒe, eye nèle kpe gbãm be nàwɔ wò
dzudzɔƒe ɖe agakpewo tome?’
 
17 “Kpɔ nyuie, elabena esusɔ vie Yehowa ƒe asi nasu dziwò,
eye wòatsɔ wò aƒu gbe. O! Ŋutsu kalẽtɔ.
18 Aŋlɔ wò nogoe abe abo ene,
eye wòatsɔ wò aƒu gbe
ɖe anyigba gã aɖe dzi.
Afi ma nàku ɖo, eye afi ma
wò tasiaɖam ɖablawo atsi.
Wò ame si nye ŋukpe
na wò aƒetɔ ƒe aƒe.
19 Maɖe wò ɖa le wò zi dzi,
eye woaxɔ wò nɔƒe kɔkɔ la le asi wò.
20 “Gbe ma gbe la, mayɔ nye dɔla Eliakim, Hilkia ƒe vi. 21 Matsɔ wò awu ʋlaya ado nɛ; atsɔ wò alidziblanu abla ali dzi nɛ, eye maxɔ wò nɔƒe atsɔ nɛ. Anye fofo na Yerusalemtɔwo kple Yuda ƒe aƒe la. 22 Matsɔ David ƒe aƒe ƒe safui la aɖo abɔta nɛ. Nu sia nu si wòʋu la, ame aɖeke mate ŋu atui o, eye nu sia nu si wòtu la, ame aɖeke mate ŋu aʋui o. 23 Maƒoe ɖe to abe tsyoti ene le teƒe sesẽ aɖe. Anye fiazikpui si ŋu bubu le na fofoa ƒe aƒe. 24 Eƒe ƒome la katã ƒe ŋutikɔkɔe anɔ eya amea dzi, ɖe viawo kple eƒe dzidzimeviwo dzi. Anɔ nu siwo katã ŋu dɔ wowɔna le aƒe me la dzi; tso agbawo dzi va se ɖe tsinokpluwo dzi.”
25 Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔ be, “Le ŋkeke ma dzi la, tsyoti si woƒo ɖe teƒe sesẽ la aho. Woalãe, wòamu adze anyi, eye agba si wotsɔ ku ɖe eŋu la hã akaka.” Yehowae gblɔe.