21
Manase, Yuda fia
Manase xɔ ƒe wuieve esime wòzu fia, eye wòɖu fia ƒe blaatɔ̃ vɔ atɔ̃ le Yerusalem. Dadaa ŋkɔe nye Hefziba. Ewɔ nu si nye vɔ̃ le Yehowa ŋkume eye wòdze dukɔ siwo Yehowa nya le Israelviwo ŋgɔ ƒe ŋunyɔnuwo wɔwɔ yome. Egbugbɔ nuxeƒe siwo fofoa, Hezekia gbã la tu. Hekpe ɖe esiawo ŋu la, etu vɔsamlekpuiwo na Baal eye wòli aƒeli abe ale si Ahab, Israel fia, wɔ la ene. Ede ta agu na dziƒonuwo katã eye wòsubɔ wo. Etu vɔsamlekpuiwo ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ me, teƒe si ŋu Yehowa gblɔ le be, “Yerusalem anye nye ŋkɔ ƒe nɔƒe.” Le Yehowa ƒe gbedoxɔ ƒe xɔxɔnu eveawo la, eɖi vɔsamlekpuiwo na dziƒoŋunuwo. Etsɔa Via ŋutsuvi saa dzovɔe. Ekaa afa, dea nubiaƒe kple ŋɔliyɔlawo gbɔ. Ewɔ nu siwo nye vɔ̃ la geɖe fũu le Yehowa ŋkume hetsɔ do dzikue nɛ.
Manase li aƒeli si wòwɔ la ɖe gbedoxɔ la me, teƒe si tututu ŋu Yehowa ƒo nu tsoe na David kple Solomo esi wògblɔ be, “Matsɔ nye ŋkɔ aɖo gbedoxɔ sia me kple Yerusalem, du si metia tso Israel ƒe towo ƒe duwo katã me la ŋu tegbetegbe! Eye nyemana Israel ƒe afɔ nage le anyigba si metsɔ na wo fofowo la dzi o, nenye be wolé se siwo katã mede na wo kple se siwo katã nye dɔla Mose de na wo la me ɖe asi, eye wowɔ wo dzi ko.” Ke ameawo meɖo to Yehowa o eye Manase na wowɔ nu vɔ̃ wu dukɔ siwo ƒo xlã wo, togbɔ be Yehowa tsrɔ̃ dukɔ siawo le woƒe nu vɔ̃wo ta, esi Israelviwo ge ɖe anyigba la dzi gɔ̃ hã.
10 Yehowa ƒo nu to eƒe nyagblɔɖilawo dzi na ameawo be, 11 “Esi Fia Manase wɔ nu vɔ̃ siawo eye wòvɔ̃ɖi wu Amoritɔwo, ame siwo nɔ anyigba la dzi tsã eye esi wòkplɔ Yuda de legbasubɔsubɔ me ta la, 12 Yehowa, Israel ƒe Mawu be mahe dzɔgbevɔ̃e va Yerusalem kple Yuda dzi ale gbegbe be ame sia ame si ase nu tso dzɔgbevɔ̃e sia ŋu la ƒe to me aɖi yeŋ kple vɔvɔ̃. 13 Matsɔ dzidzeka si metsɔ dzidze Samaria kple Ahab ƒe aƒe la adzidze Yerusalem. Maklɔ Yerusalem abe ale si woklɔa agbae ene eye matrɔe atsyɔ anyi. 14 Gawu la, magbe nu le nye ame ʋɛ siwo asusɔ la gɔ̃ hã gbɔ eye matsɔ wo ade asi na woƒe futɔwo 15 elabena wowɔ nu vɔ̃ le nye ŋkume eye wodo dɔmedzoe nam tso esime mekplɔ wo tɔgbuiwo tso Egipte va se ɖe fifi.”
16 Hekpe ɖe legbasubɔsubɔ si Yehowa lé fui, subɔsubɔ si me Manase he ameawo dee ŋu la, Manase wu ame maɖifɔ geɖewo eye ame siwo wòwu la ƒe kukuawo xɔ Yerusalem ƒe akpa sia akpa.
17 Woŋlɔ Manase ƒe fiaɖuɖu vɔ̃ɖi la ƒe ŋutinya mamlɛa kple nu siwo wòwɔ kpakple eƒe nu vɔ̃ la ɖe Yuda fiawo ƒe ŋutinyagbalẽwo me. 18 Esi wòku la woɖii ɖe eƒe aƒe ƒe abɔ si nye Uza ƒe abɔ le fiasã la me, eye via Amon ɖu fia ɖe eteƒe.
Amon, Yuda fia
19 Amon xɔ ƒe blaeve-vɔ-eve esi wòɖu fia eye wòɖu fia le Yerusalem ƒe eve. Dadaa ŋkɔe nye Mesulemet, Haruz ƒe vinyɔnu, ame si tso Yotba. 20 Ewɔ nu vɔ̃ le Yehowa ŋkume abe fofoa, Manase, ene. 21 Ewɔ nu vɔ̃ siwo katã fofoa wɔ eye wòsubɔ legba siwo katã fofoa subɔ. 22 Gawu la, egbe nu le Yehowa, fofoawo ƒe Mawu la gbɔ eye mezɔ ɖe Yehowa ƒe ɖoɖowo dzi o. 23 Amon ŋumewo ɖo nugbe ɖe eŋu eye wowu fia la le eƒe fiasã me. 24 Dukɔmevi aɖewo wu ame siwo wu Fia Amon la dometɔ ɖe sia ɖe eye wotsɔ Amon ƒe vi Yosia ɖo fiae. 25 Woŋlɔ Amon ƒe ŋutinya mamlɛa ɖe Yuda fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. 26 Woɖii ɖe eƒe yɔdo me le Uzabɔ me eye via Yosia ɖu fia ɖe eteƒe.