7
Yesu ƒo nu le nuɖuɖu kple asimaklɔmaklɔ ŋuti
(Mateo 15:1-20)
Gbe ɖeka la, Farisitɔwo kple Agbalẽfiala aɖewo tso Yerusalem va Yesu gbɔ. Ame siawo de dzesii be Yesu ƒe nusrɔ̃la aɖewo meklɔa asi le Yudatɔwo ƒe kɔnu nu hafi ɖua nu o. (Elabena Yudatɔwo, vevietɔ Farisitɔwo ɖe woklɔa asi kple abɔ va se ɖe abɔkugluinu ke abe ale si wo tɔgbuiwo wɔnɛ hafi ɖua nu ene. Ne wotso asi me gbɔ la, ele be woawɔ kɔnu sia godoo hafi ade asi nuɖuɖu ŋu. Esia nye se siwo dzi wowɔna pɛpɛpɛ ƒe alafa nanewo la ƒe kpɔɖeŋu ɖeka. Kɔnu bubu si me wogalé ɖe asi lae nye nuɖazewo, ganuwo kple gagbawo kɔklɔ.)
Ale Farisitɔwo kple agbalẽfiala siawo va bia Yesu be, “Nu ka ta wò nusrɔ̃lawo megawɔa míaƒe blemakɔnu o ɖo? Womeklɔa asi ɖe kɔnua nu hafi ɖua nu o.”
Yesu ɖo eŋu na wo be, “Nyateƒe ŋutɔe Yesaya to esi wògblɔ nya ɖi tso mi alakpatɔ siawo ŋuti; abe ale si woŋlɔe ɖi ene be,
“ ‘Ame siawo le kafuyem kple woƒe nuyiwo,
ke woƒe dzi te ɖa xaa tso gbɔnye.
Woƒe subɔsubɔ nye dzodzro,
elabena woƒe nufiafiawo nye amewo ƒe sededewo ko.’
Elabena miegbe nu le Mawu ƒe ɖoɖo vavãwo gbɔ hewɔa mia ŋutɔwo ƒe kɔnyinyiwo dzi. Ɖe mieɖoe koŋ le nu gbem le Mawu ƒe sewo gbɔ, eye mietu afɔ wo dzi le miawo ŋutɔ ƒe kɔnyinyiwo ta.
10 “Le kpɔɖeŋu me, Mose de se si tso Mawu gbɔ la na mi be, ‘Bu fofowò kple dawò.’ Egblɔ kpe ɖe eŋu be, ‘Ame si agblɔ nya vlo ɖe fofoa alo dadaa ŋu la dze na ku,’ 11 gake miawo la, miegblɔ be ame ate ŋu agblɔ na fofoa alo dadaa si hiã nane la be, nu si wòle be matsɔ na wò la nye kɔban (esi gɔmee nye, metsɔe na Mawu). 12 Mieɖea mɔ nɛ be wòawɔ nu si dze be wòawɔ la na fofoa alo dadaa o. 13 Ale miegbe Mawu ƒe nya, eye miewɔna ɖe miaƒe kɔnyinyi, siwo mieɖo anyi la dzi. Miaƒe wɔna geɖewo le alea.”
14 Azɔ Yesu yɔ ameha la be woava ɖo to ye. Egblɔ na wo be, “Mi katã miɖo to nyuie, ne miase nya siawo gɔme. 15 Naneke meli si tsoa gota gena ɖe ame me, si ate ŋu aƒo ɖi amea o, ke boŋ nu siwo doa go tso amea me la, woawoe nye nu siwo ƒoa ɖii. [ 16 Ame si to senu li na la nesee.]”
17 Azɔ Yesu ge ɖe aƒe aɖe me be yeadzo le ameha la gbɔ vie. Eƒe nusrɔ̃lawo va biae le afi sia be wòaɖe lo si wòdo la gɔme na yewo.
18 Yesu bia wo be, “Ekema miawo hã miese nya siawo gɔme oa? Miate ŋu ade dzesii be nu siwo mieɖuna la megblẽa nu le mia ŋu o? 19 Ne ame ɖu nu la, meyina eƒe dzi me o, ke boŋ etoa eƒe dɔkaviwo me hezua nugodo.” (Egblɔ nya sia be yeafia be nuɖuɖu ɖe sia ɖe ŋuti kɔ.)
20 Egagblɔ be, “Nya vlo doa go tso egblɔla ƒe dzi me, eye wòƒoa ɖi ame, 21 elabena ame ƒe dzi mee susu baɖa doa go tsona. Nu baɖawo abe, fieŋuifieŋui alo matrewɔwɔ, fififi, amewuwu, ahasiwɔwɔ 22 ŋubiabiã, ŋutasesẽ, amebeble, makɔmakɔnyenye, ŋuʋaʋã, ameŋugbegblẽ, dada kple movinuwɔna bubuwo. 23 Nu vɔ̃ɖi siawo katã doa go tso miaƒe dziwo me, eye woawoe nye nu siwo ƒoa ɖi mi ale be miedze be miado ɖe Mawu ŋkume o.”
Yesu da gbe le Kanaan nyɔnu aɖe ƒe vinyɔnuvi ŋuti
(Mateo 15:21-28)
24 Yesu dzo le Galilea heyi Tiro kple Sidon nutowo me. Edze agbagba be yeaɣla ye ɖokui ɖe aƒe aɖe me, gake mete ŋui o. Mekpɔ ɖo hafi eƒe vava ɖi hoo abe ale si wònɔna ɖaa ene o.
25 Nyɔnu aɖe si ƒe vi gbɔgbɔ vɔ̃ nɔ fu ɖem na la va egbɔ enumake. Nyɔnu sia se Yesu ŋkɔ, eva dze klo ɖe eƒe afɔ nu 26 heɖe kuku nɛ be wòanya gbɔgbɔ vɔ̃ la do goe le ye vi la me. Nyɔnu la nye Sirofoiniketɔ.
27 Yesu gblɔ nɛ be, “Ele be ɖeviwo naɖi ƒo gbã; gawu la, menyo be woatsɔ ɖeviwo ƒe nuɖuɖu ana avuwo o.”
28 Nyɔnu la ɖo eŋu nɛ be, “Aƒetɔ, esia nye nyateƒe, gake wotsɔa ɖeviwo ƒe nuɖuɖu wuwlui si susɔ la naa avuvi siwo le kplɔ̃ te.”
29 Yesu gblɔ nɛ be, “Le nya sia ta la, heyi, gbɔgbɔ vɔ̃ la do go le viwò nyɔnuvi la me.”
30 Esi nyɔnu sia va ɖo aƒe me la, ekpɔ via nyɔnuvi la wòmlɔ anyi ɖe aba dzi kpoo, elabena gbɔgbɔ vɔ̃ la do go le eme.
Yesu da gbe le ame aɖe si nye tokunɔ kple aɖetututɔ la ŋu
31 Azɔ Yesu tso Tiro yi Sidon to Dekapoli alo Du Ewoawo me gatrɔ yi Galilea ƒua nu. 32 Wokplɔ tokunɔ aɖe si menya nuƒoƒo nyuie o la vɛ nɛ, eye amewo ɖe kuku nɛ be wòayɔ dɔe.
33 Yesu kplɔ tokunɔ la dzoe le ameawo dome yi adzɔge, eye wòƒo eƒe asibidɛwo ɖe eƒe towo me. Azɔ eɖe ta hesi ɖe eƒe aɖe dzi. 34 Ewu mo dzi kpɔ dziƒo, eye wògbɔ fũu heɖe gbe be, “Hefata!” (si gɔmee nye “Ʋu!”). 35 Enumake ame la ƒe towo ʋu, eye wòde asi nusese kple nuƒoƒo me nyuie.
36 Yesu de se na ameha la be womegana amewo nanya nu si yewɔ la o. Ke zi ale si wòde se sia na wo la, nenema kee wokakaa nya la. 37 Elabena nuwɔna la wɔ nuku na wo. Ale amewo nɔ gbɔgblɔm ɖaa be, “Nu sia nu si wòwɔna la nye nukunu. Ewɔnɛ be tokunɔ sea nu, eye aɖetututɔ hã ƒoa nu eme kɔna!”