9
Yesu trɔ eƒe nɔnɔme le to dzi
(Mateo 17:1-13; Luka 9:28-36)
Yesu yi edzi gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be, “Nyateƒe gblɔm mele na mi be, mia dometɔ aɖewo, siwo le afi sia la anɔ agbe va se ɖe esime mawufiaɖuƒe la nava le ŋusẽ gã aɖe me.”
Le ŋkeke ade megbe la, Yesu kplɔ Petro, Yakobo kple Yohanes woyi to kɔkɔ aɖe tame. Ame aɖeke menɔ teƒe sia o.
Esi woɖo afi ma teti ko la, Yesu ƒe mo de asi keklẽ me kple ŋutikɔkɔe, eye eƒe awu si wòdo la trɔ fu tititi. Awu la fu ale gbegbe be, naneke mele xexea me ate ŋu awɔe wòafu nenema o. Azɔ Eliya kple Mose wova do ɖe Yesu gbɔ, wode asi dzeɖoɖo me kplii.
Petro gblɔ na Yesu be, “Nufiala, enyo na mí be míanɔ afi sia. Mína míatu agbadɔ etɔ̃, ɖeka na wò, ɖeka na Mose, eye ɖeka na Eliya.” (Egblɔ esia, elabena menya nu si wòagblɔ o, wovɔ̃ ŋutɔ.)
Esi Petro nɔ nya siawo gblɔm la, lilikpo aɖe va tsyɔ wo dzi, hexe ɣe la ŋkume. Gbe aɖe ɖi tso lilikpo la me be, “Esia nye vinye lɔlɔ̃a. Miɖo toe.”
Kasia, nusrɔ̃la etɔ̃awo megakpɔ ame aɖeke le wo gbɔ o, negbe Yesu ɖeka ko, elabena Mose kple Eliya wodzo.
Esi wonɔ ɖiɖim tso toa dzi gbɔna la, Yesu de se na nusrɔ̃lawo vevie be womegagblɔ nu si teƒe wokpɔ la na ame aɖeke o, negbe le Amegbetɔ Vi la ƒe tsitretsitsi tso ame kukuwo dome megbe ko. 10 Ale nusrɔ̃lawo ɣla nya siawo ɖe woƒe dziwo me, gake zi geɖe la, woƒoa nu le eŋu, eye wobua ta me vevie le nu si tututu Yesu gblɔna be, “Tsitretsitsi tso ame kukuwo dome” la ŋu.
11 Wobiae be, “Nu ka ta agbalẽfialawo nɔa gbɔgblɔm be ele be Eliya nava gbã ɖo?” 12 Yesu ɖo eŋu be, “Le nyateƒe me la, Eliya va xoxo, eye wòɖɔ nuwo katã ɖo. Azɔ nu ka ta woŋlɔe ɖi le Amegbetɔ Vi la ŋu be, akpe fu geɖe, eye woagbe nu le egbɔ ɖo? 13 Ke mele egblɔm na mi be, Eliya va, wowɔ nu sia nu si wodi be yewoawɔe la abe ale si woŋlɔe ɖi la ene.”
Yesu da gbe le ŋutsuvi gbɔgbɔ vɔ̃ tɔ aɖe ŋu
(Mateo 17:14-20; Luka 9:37-43)
14 Esi wova ɖo toa te la, wokpɔ be ameha gã aɖe ƒo xlã nusrɔ̃la mamlɛawo, eye Yudatɔwo ƒe agbalẽfialawo nɔ nya hem kpli wo. 15 Esi ameha la kpɔ Yesu la, vɔvɔ̃ ɖo wo, ke woƒu du yi egbɔ be yewoado gbe nɛ. 16 Yesu bia wo be, “Nya ka tututu hem miele?”
17 Ame ɖeka le ameawo dome do ɣli gblɔ be, “Nufiala meɖe kuku, vinyee mekplɔ vɛ na wò be nàda gbe le eŋu nam. Gbɔgbɔ vɔ̃ aɖe le eme si wɔe be mete ŋu ƒoa nu o. 18 Nyateƒe ne gbɔgbɔ baɖa sia dze edzi la, ekɔnɛ xlãna ɖe anyi ŋɔdzitɔe, eye futukpɔ dona le enu, eɖua aɖukli, eye eƒe lãme liana kakoo. Meɖe kuku na wò nusrɔ̃lawo be woanya gbɔgbɔ vɔ̃ la le eme, gake womete ŋui o.”
19 Yesu trɔ ɖe nusrɔ̃lawo ŋu hegblɔ na wo be, “O! Mi xɔse ʋɛtɔ siawo, ŋkeke neni wòle be manɔ anyi kpli mi hafi miaxɔ dzinye ase? Aleke gbegbe magbɔ dzi ɖi na mi? Mikplɔ ɖevi la vɛ nam.”
20 Ale wokplɔ ɖevi la yi na Yesu, gake kaka wòakpɔ Yesu ko la, gbɔgbɔ vɔ̃ la xlãe ɖe anyigba sesĩe; eƒo dablibɛ le anyigba, eye futukpɔ hã nɔ dodom le enu.
21 Yesu bia ɖevia fofo be, “Tso ɣe ka ɣi ke wòle dɔ sia lém?”
Fofoa ɖo eŋu be, “Tso keke eƒe ɖevime ke. 22 Gbɔgbɔ vɔ̃ sia nana wòdzea dzo me alo tsi me, eye wòdi kokoko be yeawui. Ao! Meɖe kuku kpɔ míaƒe nublanui, ne àte ŋui la, nàwɔ nane tso eŋuti na mí.”
23 Yesu gabiae be, “Ɖe nègblɔ be ne mate ŋuia? Nu sia nu wɔwɔ le bɔbɔe ne èxɔe se ko.”
24 Fofoa ɖo eŋu enumake be, “Xɔse le asinye. Ao, ve nunye be nye xɔse sia nadzi ɖe edzi!” 25 Yesu kpɔ be ameha la nɔ agbɔ sɔm ɖe edzi, eya ta eɖe gbe na gbɔgbɔ vɔ̃ la be, “Gbɔgbɔ maƒonu, tokunɔ gbɔgbɔ, meɖe gbe na wò be, nàdo go le ɖevi sia me fifi laa, mèkpɔ mɔ agage ɖe eme azɔ o.”
26 Gbɔgbɔ vɔ̃ la do ɣli sesĩe, ganyama ɖevi la nublanuitɔe, hedo go le eme. Azɔ ɖevi la fa miamiamia ɖe anyigba, heli kpoo abe ɖe wòku ene. Ale ameawo katã gblɔ be eku. 27 Ke Yesu lé eƒe alɔnu, na wòtsi tsitre, eye nukutɔe la, eƒe lãme sẽ. 28 Azɔ esi Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo ɖeɖe wonɔ aƒe si me wodze la, nusrɔ̃lawo biae be, “Nu ka ta míawo míete ŋu nya gbɔgbɔ vɔ̃ la do goe o ɖo?”
29 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Nu siawo ƒomevi wɔwɔ hiã gbedodoɖa kple nutsitsidɔ.”
Yesu gblɔ nya tso eƒe ku kple tsitretsitsi ŋu zi evelia
(Mateo 17:22-23; Luka 9:43-45)
30 Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo dzo le afi ma, eye woɖo ta Galilea nuto me. Yesu dze agbagba vevie be amewo nagakpɔ ye o, 31 edi be yeakpɔ ɣeyiɣi geɖe afia nu yeƒe nusrɔ̃lawo. Zi geɖe ne ele nu fiam wo la, egblɔna na wo be, “Woade Amegbetɔ Vi la asi, woawui, gake le ŋkeke etɔ̃ megbe la, magatsi tsitre tso ame kukuwo dome.”
32 Nusrɔ̃lawo mete ŋu se nya siawo gɔme o, gake ale si woawɔ abiae la hã zu dɔ; wonɔ vɔvɔ̃m.
Ame si nye amegã le mawufiaɖuƒe la me
(Mateo 18:1-5; Luka 9:46-48)
33 Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo va ɖo Kapernaum. Esi wova ɖo aƒe si me wodze me la, Yesu bia nusrɔ̃lawo be, “Esi míenɔ mɔa dzi gbɔna ɖe, nya ka ʋlim mienɔ?”
34 Nyateƒe, nya sia ŋu ɖoɖo sesẽ na nusrɔ̃lawo, elabena nya si hem wonɔ la ku ɖe ame si nye wo katã ƒe amegã la ŋu.
35 Yesu nɔ anyi, yɔ eƒe nusrɔ̃la wuieveawo ƒo ƒu, eye wògblɔ na wo be, “Ame si di be yeanye mi katã ƒe amegã la, ele nɛ be wòanye suetɔ kekeake gbã, ɛ̃, ele be wòanye mi katã ƒe subɔla!”
36 Azɔ ekplɔ ɖevi sue aɖe va wo titinae, kɔe ɖe eƒe abɔwo dome, eye wògblɔ na wo be, 37 “Ame si axɔ ɖevi sue aɖe abe esia ene le nye ŋkɔ me la, nyee nye ema wòxɔ, eye ame si axɔm la, menye nyee wòxɔ o, ke boŋ Fofonye si dɔm lae wòxɔ!”
Ame si metsi tsitre ɖe mía ŋu o la le mía dzi
(Luka 9:49-50)
38 Yesu ƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka si woyɔna be Yohanes la gblɔ nɛ be, “Nufiala, míekpɔ ame aɖe si tsɔ wò ŋkɔ nɔ gbɔgbɔ vɔ̃wo nyamee le amewo me. Ale míegbe nɛ be megawɔe o, elabena menye mía dometɔ ɖeka wònye o.”
39 Yesu gblɔ nɛ be, “Migagbe nɛ o, elabena ame si le nukunu aɖe wɔm le nye ŋkɔ dzi la, mate ŋu anye nye futɔ o. 40 Ame si metsi tsitre ɖe mía ŋu o la, ele míaƒe akpa dzi. 41 Yesu yi edzi be, ‘Vavã mele egblɔm na mi bena, ne ame aɖe na tsi kplu ɖeka mi be miano elabena mienye Kristo tɔ la, ame sia mabu fetu si wòaxɔ la o.’
Nu vɔ̃ wɔwɔ ƒe tetekpɔwo
(Mateo 18:6-9; Luka 17:1-2)
42 “Gake ne ame aɖe awɔe be ɖevi sue siawo dometɔ ɖeka nabu xɔse si le esi ɖe ŋunye la, ne wotsi kpe gã aɖe ɖe kɔ nɛ hekɔe ƒu gbe ɖe atsiaƒu me la, anyo nɛ wu sãa. 43 Ne wò asi nana be nèwɔa nu vɔ̃ la, lãe ɖa. Enyo na wò be nàge ɖe mawufiaɖuƒe la me kple asikpo wu be asi eve nanɔ ŋuwò nàyi dzomavɔʋe me, afi si dzo metsina le o. [ 44 Afi si,
“ ‘woƒe nye mekuna le o,
eye dzo la hã metsina le o.]’
45 Ne wò afɔ nana be nèwɔa nu vɔ̃ la, lãe ɖa. Enyo na wò be nàge ɖe agbe la me kple afɔkpo wu esi afɔ eve nanɔ asiwò, woakɔ wò aƒu gbe ɖe dzomavɔʋe la me. [ 46 Afi si,
“ ‘woƒe nye mekuna le o,
eye dzo la hã metsina le o.]’
47 Nenye be wò ŋkue nana be nèwɔa nu vɔ̃ la, hoe le etome. Enyo na wò be nàyi mawufiaɖuƒe la me kple ŋku ɖeka wu be nàyi dzomavɔʋe la me kple ŋku eve, 48 afi si,
“ ‘woƒe nyẽ mekuna le o,
eye dzo la hã metsina le o.’
49 Eye woatsɔ dzo bibi ade dze ame sia ame wòatee.”
50 Yesu wu eƒe nuƒo la nu be, “Dze nye nu vevi aɖe, gake nenye be dze bu eƒe vivi la, womagate ŋu atsɔe ade naneke o; meganyo na naneke o, migabu vivi si le mia me la o! Minɔ anyi kple amewo katã le ŋutifafa me.”