22
Balak ɖo du ɖe Balaam
Israelviwo zɔ mɔ azɔ yi Moab tagba, eye woƒu asaɖa anyi ɖe Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe lɔƒo le Yeriko kasa.
Azɔ la, Balak, Zipɔr ƒe viŋutsu kpɔ nu si Israelviwo wɔ Amoritɔwo, eye vɔvɔ̃ ɖo Moab, elabena ameawo sɔ gbɔ ŋutɔ. Nyateƒe, dzidzi ƒo Moab le Israelviwo ŋu.
Wowɔ takpekpe kple Midiantɔwo ƒe kplɔlawo enumake. Wogblɔ be, “Ameha gã sia aɖu mí abe ale si nyitsu ɖua gbe ene.”
Ale Balak, Zipɔr ƒe vi, ame si nye Moab fia ɣe ma ɣi la, ɖo amewo ɖa be woayɔ Balaam, Beor ƒe viŋutsu, ame si nɔ Petor, afi si te ɖe tɔsisi la ŋu vɛ. Balak gblɔ be,
“Dukɔ aɖe tso Egipte; wotsyɔ anyigba ŋkume, eye wole teƒe aɖe si te ɖe ŋunye. Azɔ la, va nàƒo fi ade ame siawo, elabena wosẽ akpa na mí. Ekema, ɖewohĩ, mate ŋu aɖu wo dzi, eye manya wo dzoe le anyigba la dzi. Elabena menya be ame siwo nèyrana la kpɔa yayra, eye ame siwo nèƒoa fi dena la kpɔa fiƒode.”
Ame siwo wòdɔ ɖo ɖe Balaam gbɔ la woe nye, Moabtɔwo kple Midiantɔwo ƒe ametsitsiwo. Wotsɔ ga ɖe asi yi na Balaam, eye woɖe nu si Balak di be wòawɔ na ye la me nɛ nyuie.
Balaam gblɔ na wo be, “Mitsi afi sia dɔ. Etsɔ ŋdi la, magblɔ nu sia nu si Yehowa agblɔ nam be magblɔ la na mi.” Ale wotsi afi ma dɔ.
Le zã me la, Mawu va Balaam gbɔ, eye wòbiae be, “Ame kawoe nye ame siawo?”
10 Balaam ɖo eŋu na Mawu be, “Wotso Balak, Moab fia gbɔ. 11 Fia la gblɔ be, ameha gã aɖe tso Egipte va ɖo yeƒe anyigba ƒe liƒo dzi, eye wòdi be mayi enumake aɖaƒo fi ade wo na ye, ale be yeate ŋu awɔ aʋa kpli wo, aɖu wo dzi.”
12 Mawu gblɔ na Balaam be, “Mègayi ɖaƒo fi de wo o, elabena meyra wo xoxo!”
13 Esi ŋu ke la, Balaam gblɔ na Balak ƒe ameawo be, “Mitrɔ dzo! Yehowa meɖe mɔ nam be mawɔ nu si miaƒe fia di be mawɔ o.”
14 Ale Fia Balak ƒe ame dɔdɔwo trɔ dzo, Balaam medze wo yome o.
15 Esi woka nya la ta na Balak la, egadɔ amewo ɖe Balaam. Eƒe ame dɔdɔwo sɔ gbɔ azɔ, eye wonye ame ŋkutawo wu ame dɔdɔ gbãtɔwo. 16 Woyi Balaam gbɔ, eye wogblɔ nɛ be,
“Esiae nye nya si Balak, Zipɔr ƒe viŋutsu gblɔ, ‘Mègana naneke naxe mɔ na wò be màva gbɔnye o, 17 elabena maxe fe na wò nyuie, eye mawɔ nu sia nu si nàgblɔ nam be mawɔ. Va, nàƒo fi ade ame siawo nam.’ ”
18 Ke Balaam ɖo eŋu be, “Ne Balak tsɔ fiasã si klosalo kple sika yɔ gɔ̃ hã anam la, nyemate ŋu awɔ naneke si atsi tsitre ɖe Yehowa, nye Mawu ƒe gbeɖeɖe ŋu o. 19 Mitsi afi sia dɔ ale be makpɔe ɖa be Yehowa agatsɔ nane akpe ɖe nya si wògblɔ nam zi gbãtɔ la ŋu mahã.”
20 Le zã me la, Mawu gblɔ na Balaam be, “Fɔ, nàyi kple ame siawo, ke kpɔ nyuie be, nàgblɔ nu si magblɔ na wò be nàgblɔ la ko.”
Balaam ƒe tedzi
21 Ale le ŋdi la, Balaam lia eƒe tedzi dzi, eye wòdze ameawo yome. 22 Ke Mawu do dɔmedzoe ŋutɔ esi Balaam yina, eye Yehowa ƒe dɔla tsi tsitre ɖe mɔa dzi be yeatsi tsitre ɖe eŋu. Ke Balaam nɔ eƒe tedzi dzi, eye eƒe subɔla eve nɔ eŋu. 23 Esi tedzi la kpɔ Yehowa ƒe dɔla wòtsi tsitre ɖe mɔa dzi, eye yi le esi la, edzo le mɔa dzi yi gbe me. Balaam ƒoe be wòatrɔ ayi mɔ la dzi.
24 Azɔ la, mawudɔla la tsi tsitre ɖe afi si mɔ la to waingble eve ƒe glikpɔwo dome le. 25 Esi tedzi la kpɔe wònɔ tsitre ɖe afi ma la, edze nɛ to glikpɔ ɖeka ŋu tututu, eye wòna Balaam ƒe afɔwo lili ɖe glikpɔ la ŋu. Ale Balaam gaƒoe.
26 Mawudɔla la gayi ɖatsi tsitre ɖe teƒe aɖe, afi si mɔa xaxa le ale gbegbe be tedzi la magate ŋu ato exa kura o. 27 Ale tedzi la tsyɔ akɔ anyi ɖe mɔ la dzi. Balaam do dɔmedzoe vevie, eye wòƒo tedzi la kple eƒe atikplɔ. 28 Tete Yehowa na be tedzi la nate ŋu aƒo nu. Tedzi la bia Balaam be, “Nu ka mewɔ si na be nàƒom zi etɔ̃?”
29 Balaam do ɣli ɖe tedzi la ta be, “Elabena èdo lãm! Ɖe yi aɖe anɔ asinye hafi; anye ne mawu wò.”
30 Tedzi la gabiae be, “Ɖe mewɔ nu sia tɔgbi aɖe kpɔ le nye agbenɔnɔ blibo mea?”
Balaam ɖo eŋu be, “Ao.”
31 Tete Yehowa ʋu Balaam ƒe ŋkuwo. Ekpɔ mawudɔla la wòtsi tsitre ɖe mɔa dzi, eye wòlé yi ɖe asi. Enumake Balaam mlɔ anyigba le mawudɔla la ŋkume.
32 Mawudɔla la bia Balaam be, “Nu ka ta nèƒo wò tedzi la zi etɔ̃? Meva be mana màgawɔ nu si nèdi be yeawɔ o, elabena èɖo ta tsɔtsrɔ̃ me. 33 Wò tedzi la kpɔm zi etɔ̃, eye wòte ɖa le gbɔnye zi etɔ̃. Ne menye ɖe wòdze nam o la, anye ne mewu wò xoxo, ke mana eya natsi agbe.”
34 Balaam ʋu eme na mawudɔla la be, “Mewɔ nu vɔ̃. Nyemenya be ènɔ afi ma o. Ne mèdi be magayi nye mɔzɔzɔ la dzi o la, matrɔ ayi aƒe.”
35 Mawudɔla la gblɔ nɛ be, “Yi kple ameawo, gake nàgblɔ nu si meɖo na wò be nàgblɔ la ko.” Ale Balaam yi kple Balak ƒe ameawo.
36 Esi Fia Balak se be Balaam gbɔna la, edzo le eƒe fiadu la me, eye wòyi be yeakpee le Arnon tɔsisi la gbɔ le eƒe anyigba ƒe liƒo dzi. 37 Balak bia Balaam be, “Nu ka ta nètsi anyi wòdidi alea hafi nèva ɖo? Medo ŋugbe na wò be made bubu gã ŋuwò. Ɖe mèxɔe se oa?”
38 Balaam ɖo eŋu na Balak be, “Meva, gake ŋusẽ mele asinye be magblɔ nya aɖeke o, negbe esi Mawu ɖo nam be magblɔ la ko, eye eya koe nye nya si magblɔ.”
39 Balaam kple Balak dze fia la yome yi Kiriat Huzot. 40 Fia Balak tsɔ nyitsuwo kple alẽwo sa vɔe le afi ma, eye wòtsɔ lãwo na ame dɔdɔwo kple Balaam hena woawo hã ƒe vɔsawo. 41 Esi ŋu ke ŋdi la, Fia Balak kplɔ Balaam yi Bamɔt Baal to la dzi, afi si Balaam ate ŋu akpɔ Israelviwo wogbagba ɖe anyigba la me le eŋkume le.