8
Akaɖiti la tutu
Yehowa gblɔ na Mose be, “Ƒo nu na Aron, eye nàgblɔ nɛ be, ‘Ne ètsɔ akaɖi adreawo da ɖe akaɖiti la dzi la, ele be woaklẽ ɖe teƒe si le akaɖiti la ŋgɔ.’ ”
Aron wɔ esia. Eɖo akaɖigbea atiawo dzi ɖe ɖoɖo siwo Yehowa na Mose nu tututu. Wotsɔ sika wɔ akaɖiti la kple seƒoƒowo ɖe akaɖiti la ƒe zɔ kple alɔdzeawo ŋu. Wowɔ akaɖitiawo abe ale si Yehowa fia Mose ene.
Levi ƒe viwo ŋuti kɔkɔ
Yehowa gblɔ na Mose be, “Ɖe Levi ƒe viwo ɖa le Israelvi bubuawo dome, eye nàkɔ wo ŋu to mɔ sia dzi. Hlẽ tsi kɔkɔe la ɖe wo ŋu, eye nàna woawo ŋutɔ nalũ woƒe ŋutifuwo katã, eye woanya woƒe awuwo, ekema woanɔ kɔkɔe. Na woatsɔ nyitsuvi aɖe kple nuɖuvɔsanu si nye wɔ memee si wobaka kple ami la kple nyitsu bubu na nu vɔ̃ ŋuti vɔsa vɛ. Ekema, nàkplɔ Levi ƒe viwo va Agbadɔ la ƒe mɔnu eye naƒo Israelviwo ƒe ha blibo la nu ƒu. 10 Le afi ma la, nana Levitɔ nava Yehowa ƒe ŋkume eye Israelviwo ada asi ɖe wo dzi, 11 ato tsɔtsɔna ƒe dzesiwo me, atsɔ wo ana Yehowa abe nunana tso Israel dukɔ blibo la gbɔ ene. Levi ƒe viwo anɔ Israelviwo katã teƒe le Yehowa subɔsubɔ me.
12 “Le esia megbe la, Levi ƒe viwo ƒe kplɔlawo ada woƒe asiwo ɖe nyitsuvi eveawo ƒe tawo dzi, eye woatsɔ wo ana le Yehowa ŋkume. Woatsɔ ɖeka asa nu vɔ̃ vɔsa, eye woatsɔ evelia asa numevɔ be woalé avu ɖe Levi ƒe viwo nu. 13 Ekema woatsɔ Levi ƒe viwo ana Aron kple via ŋutsuwo abe ale si wotsɔa nu bubu ɖe sia ɖe si wodi be woana Yehowa la naa nunɔlawo ene! 14 Eya ta nàtia Levi ƒe viwo ɖa le Israelvi bubuawo katã dome, eye Levi ƒe viwo azu tɔnye.
15 “Ne èkɔ wo ŋuti, eye nètsɔ wo nam le mɔ sia nu vɔ la, woate ŋu age ɖe agbadɔ la me hena woƒe subɔsubɔdɔwo wɔwɔ. 16 Wonye tɔnyewo le Israelviwo katã dome. Mexɔ wo ɖe Israelviwo ƒe viŋutsu gbãtɔwo katã teƒe; mexɔ Levi ƒe viwo abe teƒenɔlawo ene. 17 Israelviwo ƒe viŋutsu ŋgɔgbetɔwo kple woƒe lãwo ƒe vi ŋgɔgbetɔwo katã nye tɔnyewo. Metsɔ wo na ɖokuinye le zã si me mewu Egiptetɔwo ƒe ŋgɔgbeviwo katã. 18 Ɛ̃, mexɔ Levi ƒe viwo ɖe Israelviwo ƒe viŋutsu tsitsiwo katã teƒe. 19 Matsɔ Levi ƒe viwo ake Aron kple via ŋutsuwo abe nunana ene. Levi ƒe viwo awɔ dɔ kɔkɔe siwo wohiã tso Israelviwo si be woawɔ le agbadɔ la me, woatsɔ nu siwo amewo na la asa vɔwoe, eye woalé avu ɖe wo nu. Dɔvɔ̃ mato le Israelviwo dome abe ale si wòanɔ ene ne ame siwo menye Levi ƒe viwo o la ge ɖe agbadɔ la me ene o.”
20 Ale Mose kple Aron kpakple Israelviwo katã wotsɔ Levi ƒe viwo na Yehowa le se si wòde na Mose la nu. 21 Levi ƒe viwo kɔ wo ɖokuiwo ŋu, eye wonya woƒe awuwo. Aron to tsɔtsɔna ƒe dzesiwo me tsɔ wo na Yehowa. Ewɔ avuléle ƒe wɔnawo ɖe wo ta hekɔ wo ŋuti. 22 Le esia megbe la, woyi agbadɔ la me abe Aron kple via ŋutsuawo ƒe kpeɖeŋutɔwo ene. Wowɔ nu sia nu pɛpɛpɛ ɖe se si Yehowa de na Mose la nu.
23 Yehowa gblɔ na Mose be, 24 “Se sia ku ɖe Levi ƒe viwo ŋu. Ŋutsu siwo xɔ ƒe blaeve vɔ atɔ̃ la ava awɔ Mawu ƒe agbadɔ la ŋuti dɔ. 25 Ke ne woxɔ ƒe blaatɔ̃ la, woaxɔ dzudzɔ tso woƒe dɔwɔwɔ me, eye womagawɔ dɔ o. 26 Woate ŋu akpe ɖe wo nɔviwo ŋu le woƒe dɔwɔwɔwo me le agbadɔ la me, gake woawo ŋutɔ magawɔ dɔ la o. Ekema esiae nye ale si nàde dɔwo asi na Levi ƒe viwoe.”