Obadia
ƒe agbalẽ
1
Obadia ƒe Ŋutega
Ŋutega si Obadia kpɔ.
 
 
1 Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ tso Edom ŋutie nye esi:
Míese gbe tso Yehowa gbɔ be,
wodɔ dɔla aɖe be wòagblɔ na dukɔwo be,
“Mitso, mina míaho aʋa ɖe Edom ŋu!”
 
“Edom, kpɔ ɖa,
mawɔ wò nàzu sue le dukɔwo dome
eye maɖi gbɔ̃ wò vevie.
Wò dzi ble wò, eye nèdana
elabena èle agakpewo tome,
eye nèle togbɛwo tame ke.
Ègblɔ le wò dzi me be:
‘Ame kae ate ŋu atutum aƒu agame?’
Ne èdzo yi dzi ʋĩi abe hɔ̃ ene
eye nèwɔ atɔ ɖe ɣletiviwo dome hã la,
matutu wò aƒu anyi tso afi ma.”
Yehowae gblɔe.
“Ne fiafitɔwo va fi wò,
eye adzodalawo va dze dziwò
le zã me hefi wò nuwo ɖe,
womagblẽ nanewo ɖi na wò oa?
O, gbegblẽ gã ka wòanye anɔ lalawòm!
Ne waintsetsefilawo hã va wò waingble me ɖe,
ɖe womagblẽ ʋɛ aɖewo ɖi na wò o mahã?
Ke woalɔ Esau ya ƒiaƒiaƒia,
woagblẽ eƒe kesinɔnu siwo
wòdzra ɖo la katã dome.
Ame siwo le dziwò la,
anya wò ɖe nu va se ɖe wò liƒowo dzi ke,
xɔ̃wòwo able wò eye woaɖu dziwò.
Ame siwo ɖua wò abolo la,
atre mɔ na wò,
ke mànyae be mɔ le afi ma o.
 
“Le ŋkeke ma dzi la,
matsrɔ̃ nunyala siwo katã le Edom
eye maɖe ame siwo si gɔmesese le la ɖa
le Esau ƒe towo dzi.”
Yehowae gblɔe.
Asrafo kalẽtɔ gãtɔ kekeake
le Teman hã azu vɔvɔ̃nɔtɔ
eye ame sia ame si le Esau ƒe towo dzi la,
atsi yi nu.
10 Le esi nèsẽ ŋuta le nɔviwò Yakob ŋuti ta la,
ŋukpe alé wò eye woatsrɔ̃ wò gbidii.
11 Ènɔ tsitre nɔ nu kpɔm esi amedzrowo va lɔ
eƒe kesinɔnuwo eye dzronyigbadzitɔwo ge ɖe
eƒe agbowo me hedzidze nu ɖe Yerusalem dzi.
Wò hã èle abe wo dometɔ ɖeka ene.
12 Gbe si gbe dzɔgbevɔ̃e dzɔ ɖe nɔviwòa dzi la,
mele be wòazu ŋunyɔnu na wò o
alo nàkpɔ dzidzɔ gbe si gbe wogbã Yuda gudugudu
alo aƒo adegbe le gbe si gbe dzɔgbevɔ̃e va wo dzi ŋu o.
13 Migage ɖe nye amewo ƒe agbowo me
le woƒe dzɔgbevɔ̃egbe o,
migado vlo wo le woƒe gbegblẽ me,
le woƒe dzɔgbevɔ̃eŋkeke la dzi o
eye migaxɔ woƒe kesinɔnuwo le wo si
le woƒe dzɔgbevɔ̃egbe o.
14 Migatsi tsitre ɖe mɔdzevewo nu be
miawu woƒe aʋasilawo
alo miatsɔ woƒe ame siwo susɔ la de asi
le woƒe dzɔgbevɔ̃egbe o.
 
15 “Yehowa ƒe ŋkeke la tu aƒe na dukɔwo katã.
Ale si miewɔ Israel la,
nenema kee woawɔ miawo hãe.
Miaƒe nu vɔ̃ siwo miewɔ la
atrɔ ava miaƒe tawo dzi.
16 Abe ale si mienoe
le nye to kɔkɔe la dzi ene la,
nenema ke dukɔ bubuwo hã anoe tegbee;
woanoe, aganoe eye wòanɔ
abe ɖe dukɔ mawo menɔ anyi kpɔ o ene.
17 Ka ɖeɖe anɔ Zion to dzi
eye wòanye kɔkɔeƒe.
Yakob ƒe aƒe agaxɔ eƒe domenyinu.
18 Yakob ƒe aƒe anye dzo,
Yosef ƒe aƒe anye dzo ƒe aɖe
eye Esau anye gbe ƒuƒu.
Woatɔ dzoe eye wòabi keŋkeŋ.
Ame aɖeke matsi agbe
le Esau ƒe aƒe me o.”
Yehowae gblɔe.
 
19 Azɔ dziehetɔwo atrɔ
ava nɔ Esau ƒe towo dzi,
ame siwo le Yuda ƒe balimenyigba dzi la
axɔ Filistitɔwo ƒe anyigba le wo si
eye Efraim kple Samaria azu wo tɔ.
Ke Benyamin axɔ Gilead wòazu etɔ.
20 Israelvi siwo le aboyo me le Kanaan la
axɔ anyigba va se ɖe Zarefat ke;
Yerusalemtɔ siwo le aboyo me
le Sefarat la ava xɔ du siwo le Negeb.
21 Xɔnametɔwo ava Zion to la dzi
eye woaɖu Esau ƒe todziduwo dzi tso afi ma.
Fiaɖuƒe sia anye Yehowa tɔ!