16
Amegbetɔ tɔe nye dzi ƒe nuɖoɖowo,
ke nyaŋuɖoɖo na aɖe tsoa Yehowa gbɔ.
 
Fɔɖiɖi menɔa ame ŋutɔ ƒe mɔwo ŋu le eya ŋutɔ ƒe ŋkume o,
ke Yehowa daa susuwo kpɔ.
 
Tsɔ nu sia nu si nèwɔna la de Yehowa ƒe asi me,
ekema wò ɖoɖowo adze edzi na wò.
 
Yehowa wɔ nu sia nu le eƒe ŋudɔwɔnu ta,
eɖo ame vɔ̃ɖi la gɔ̃ hã ɖi hena dzɔgbevɔ̃eŋkeke la.
 
Dadalawo katã nye ŋunyɔnu na Yehowa.
Maka ɖe edzi na wò be,
womagbe tohehe na wo o.
 
Woɖea nu vɔ̃ ɖa to lɔlɔ̃ kple nuteƒewɔwɔ me
eye ame ƒoa asa na nu vɔ̃ɖi to Yehowavɔvɔ̃ me.
 
Ne ame aɖe ƒe mɔwo nyo Yehowa ŋu la,
enana eƒe futɔwo gɔ̃ hã nɔa anyi kplii le ŋutifafa me.
 
Nu sue si ŋu dzɔdzɔenyenye kpe ɖo la nyo wu
nu geɖe si ŋu madzɔmadzɔ kpe ɖo.
 
Ame wɔa ɖoɖo ɖe ale si wòazɔe ŋu le eƒe dzi me,
gake Yehowae fiaa ale si wòaɖe afɔe.
 
10 Fia ƒe nuyiwo ƒoa nu abe nya gblɔm wòle ɖi ene
eya ta eƒe nu megatso afia gbegblẽ o.
 
11 Nudakpe kple nudanu vavãwo tso Yehowa gbɔ
eye nenema ke nudakpe siwo katã
le akplo me hã nye eƒe nuwɔwɔ.
 
12 Nu tovo wɔwɔ nye ŋunyɔnu na fiawo
elabena woɖoa fiazikpui anyi ɖe dzɔdzɔenyenye dzi.
 
13 Nuyi siwo dzi alakpa mele o la,
doa dzidzɔ na fiawo,
wodea asixɔxɔ ame si toa nyateƒe la ŋu.
 
14 Fia ƒe dziku nye ku ƒe dɔla,
ke nunyala alé avui.
 
15 Ne fia ɖo mo kɔkɔe la,
egɔmee nye agbe
eye eƒe amenuveve le abe tsiɖoɖo le adame ene.
 
16 Aleke nunyaxɔxɔ mehenyo wu sikae o,
eye gɔmesesetiatia mehenyo wu klosaloe o!
 
17 Ame dzɔdzɔewo ƒe mɔtata ƒoa asa na nu vɔ̃ɖi
eye ame si dzɔa eƒe mɔ ŋu la dzɔa eƒe agbe ŋuti.
 
18 Dada doa ŋgɔ na gbegblẽ
eye ɖokuidodoɖedzi doa ŋgɔ na anyidzedze.
 
19 Enyo be woabɔbɔ ame ɖokui ɖe anyi
le hiãtɔwo dome wu be woama afunyinuwo kple dadalawo.
 
20 Nu dzea edzi na ame si ɖoa to nufiame
eye woayra ame si tsɔ eƒe mɔkpɔkpɔ da ɖe Yehowa dzi.
 
21 Woyɔa ame siwo nunya le woƒe dzi me la be sidzelawo,
eye nya vivi doa nufiame ɖe ŋgɔ.
 
22 Gɔmesese nye agbetsidzidzi na ame siwo ke ɖe eŋuti,
ke bometsitsi hea tohehe vɛ na bometsilawo.
 
23 Nunyala ƒe dzi dzɔa eƒe nu ŋuti
eye eƒe nuyiwo doa nufiame ɖe ŋgɔ.
 
24 Nya nyuiwo nye anyitsito,
enana luʋɔ sea vivi, eye wòhea dɔyɔyɔ vɛ na ƒuwo.
 
25 Mɔ aɖe li si le dzɔdzɔe le ame ƒe ŋkume,
ke le nuwuwua la, ekplɔa ame yia ku mee.
 
26 Agbatedɔwɔla ƒe nudzodzro wɔa dɔ nɛ,
dɔwuame doa ŋusẽe be wòayi edzi.
 
27 Yakame le nu vɔ̃ɖi ɖom
eye eƒe nuƒoƒo le abe dzo si le bibim sesĩe la ene.
 
28 Ame vɔ̃ɖi dea dzre aƒe
eye amenyagblɔla maa xɔlɔ̃ veviwo dome.
 
29 Ame dzeaglã blea eƒe aƒelika nu,
eye wòkplɔnɛ toa mɔ gɔglɔ̃ dzi.
 
30 Ame si le ŋku trom la le nu vɔ̃ɖi aɖe ɖom,
eye ame si mia eƒe nu ɖe nu dzi la awɔ vɔ̃ godoo.
 
31 Ta si ƒo wɔ la nye atsyɔ̃fiakuku,
agbe dzɔdzɔe nɔnɔe henɛ vɛ.
 
32 Enyo be nànye ŋutsu dzigbɔɖitɔ wu kalẽtɔ,
ame si ɖu eƒe dziku dzi la nyo wu ame si xɔ du.
 
33 Wolɔa hotsui ɖe akɔ hetsɔna kaa nui,
ke nyametsotso ɖe sia ɖe tso Yehowa gbɔ.