18
Ɖokuitɔdila dia eɖokui ko tɔ
eye meɖoa to nunyanya siwo gblɔm wole la o.
 
Bometsila medoa vivi ɖe gɔmesese ŋu o,
ke boŋ ekpɔa dzidzɔ le eya ŋutɔ ƒe susuɖegblɔ ŋu.
 
Ne vɔ̃ɖivɔ̃ɖi va la, vlododo kplɔnɛ ɖo
eye ne alɔmeɖeɖe va la, ŋukpe dzea eyome.
 
Ame ƒe numenyawo nye tɔ goglo,
ke nunya ƒe vudo nye ta si le dzidzim.
 
Menyo be woade ame vɔ̃ɖi dzi
alo atrɔ ame maɖifɔ ƒe nya dzɔdzɔe atsyɔ anyi o.
 
Bometsila ƒe nuyiwo denɛ dzre me
eye eƒe nu hea ƒoƒo vaa edzii.
 
Nu si bometsila ƒe nu gblɔ la,
metso eya ŋutɔ gbɔ o, eye eƒe nuyi nye mɔka na eƒe luʋɔ.
 
Amenyagblɔla ƒe nyawo vivina
abe nuɖuɖu vivi si woka de nu me la ene;
woyina ɖe ame ƒe dɔgbowo me ke.
 
Ame si wɔa alɔgblɔdɔ le eƒe dɔ
ŋuti la nye nugblẽla nɔvi.
 
10 Yehowa ƒe ŋkɔ nye mɔ sesẽ,
ame dzɔdzɔewo sina yia eme eye wonɔa dedie.
 
11 Kesinɔtɔwo ƒe kesinɔnuwo nye woƒe du sesẽ
eye wobuna be wonye gli kɔkɔ si ame aɖeke mate ŋu aflɔ o.
 
12 Hafi ame aɖe nadze anyi la,
dada nɔa eƒe dzi me,
ke ɖokuibɔbɔ doa ŋgɔ na bubu.
 
13 Enye bometsitsi kple ŋukpe na ame,
be wòaɖo nya ŋu hafi ase nu si gblɔm wole.
 
14 Ame ƒe gbɔgbɔ lénɛ ɖe te le dɔléle me,
ke ame ka ate ŋu atsɔ gbɔgbɔ si gbã gudugudu?
 
15 Sidzela ƒe dzi kpɔa gɔmesese
eye nunyala ƒe to dia gɔmesese.
 
16 Nunana ʋua mɔ na nunala
eye wòkplɔnɛ gena ɖe amegã la ƒe ŋkumee.
 
17 Ame gbãtɔ si to eƒe nya la dzena dzɔdzɔetɔe
va se ɖe esime ame aɖe va bia gbee.
 
18 Nudzidze tsia dzre nu
eye wòtsoa nya me na ame sesẽ siwo le dzre wɔm.
 
19 Nɔviŋutsu si dzi wodze agɔ le la sẽ wu du si ŋu woɖo gli sesẽ ɖo
eye dzrewɔwɔ le abe fiasã si ƒe agbowo ŋu wode gameti sesẽwoe ene.
 
20 Ame ƒe numekutsetse ɖia ƒo nɛ
eye nuŋeŋe si doa go tso eƒe nuyiwo me la ana eƒe dzi nadze eme.
 
21 Ku kple agbe ƒe ŋusẽ le aɖe si,
eye ame siwo lɔ̃e la aɖu eƒe kutsetse.
 
22 Ame si si srɔ̃nyɔnu su la ke ɖe nu nyui ŋu
eye wòxɔa amenuveve tso Yehowa gbɔ.
 
23 Ame dahe ɖea kuku biaa nublanuikpɔkpɔ,
ke kesinɔtɔ ya ɖoa nya ŋu adãtɔe.
 
24 Ame si si xɔlɔ̃ geɖe le la ate ŋu awu nu le gbegblẽ me,
gake xɔlɔ̃ aɖe li si kuna ɖe ame ŋu wu dadavi gɔ̃ hã.