3
Nunya ƒe viɖe bubuwo
Vinye, mègaŋlɔ nye nufiame be o,
eye nàlé nye sededewo ɖe wò dzi me,
elabena woadidi wò agbenɔƒewo ɖe edzi
ƒe geɖe, eye woahe dzidzedzekpɔkpɔ vɛ na wò.
 
Lɔlɔ̃ kple nuteƒewɔwɔ megate ɖa le gbɔwò gbeɖe o,
tsɔ wo de kɔ eye nàŋlɔ wo ɖe wò dzi ƒe nuŋlɔkpe dzi.
Ekema àkpɔ amenuveve kple ŋkɔ nyui
le Mawu kple amewo ŋkume.
 
Ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu kple wò dzi blibo,
mègaku ɖe wò ŋutɔ wò nugɔmesese ŋu o;
ɖo ŋu ɖe eŋu le wò mɔwo katã dzi
ekema awɔ wò toƒewo dzɔdzɔe.
 
Mèganye nunyala le wò ŋutɔ wò ŋkume o,
ke boŋ vɔ̃ Yehowa eye nàtsri vɔ̃.
Esia ahe dɔyɔyɔ vɛ na wò ŋutilã
kple nunyiame vɛ na wò ƒuwo.
 
De bubu Yehowa ŋu kple wò kesinɔnuwo
kple wò agblemenukuwo ƒe ŋgɔgbetɔwo,
10 ekema wò avawo ayɔ agbagba,
eye wain yeye ayɔ wò ahazewo agbagba.
 
11 Vinye, mègado vlo Yehowa ƒe amehehe o
eye mègagbe eƒe mokaname o
12 elabena Yehowa ɖɔa ame siwo wòlɔ̃ la ɖo
abe ale si fofo wɔna na vi si ƒe nu dzea eŋu la ene.
 
13 Woayra ame si ke ɖe nunya ŋu
kple ame si si gɔmesese su
14 elabena nunya xɔ asi wu klosalo
eye viɖe geɖe le eme wu sika.
15 Asixɔxɔ le eŋu wu adzagba
eye nu siwo katã dim nèle la,
ɖeke mesɔ kplii o.
16 Agbe didi le eƒe ɖusi ƒe asi me,
eye kesinɔnuwo kple bubu le eƒe miasi ƒe asi me.
17 Eƒe mɔwo nye mɔ siwo dzi vivi le
eye ŋutifafa le eƒe toƒewo katã.
18 Enye agbeti na ame siwo xɔ eya amea
eye ame siwo ƒe asi su edzi la woayra wo.
 
19 Nunyae Yehowa tsɔ ɖo anyigba la ƒe gɔmeɖokpe anyii
eye wòtsɔ gɔmesese ɖo dziƒowo ɖe wo teƒe.
20 Etsɔ eƒe nunya ma gogloƒewoe
eye lilikpowo dzaa zãmu.
 
21 Vinye, lé afia nyui tsotso kple sidzedze me ɖe asi,
mègana woadzo le ŋkuwòme o.
22 Woanye agbe na wò
kple kɔga aɖo atsyɔ̃ na wò kɔ.
23 Ekema àlé wò mɔ atsɔ le dedinɔnɔ me
eye wò afɔ maɖiɖi o.
24 Ne èmlɔ anyi la, màvɔ̃ o,
ne èmlɔ anyi la, àdɔ alɔ̃ vivi.
25 Mègavɔ̃ ŋɔdzi si ava kpoyi
alo gbegblẽ si vaa ame vɔ̃ɖiwo dzi o
26 elabena Yehowa anye wò dzideƒo
eye mana wò afɔ naɖo mɔ me o.
 
27 Mègagbe nyuiwɔwɔ na ame siwo dze nɛ,
ne ele wò ŋusẽ me be nàwɔe o.
28 Mègagblɔ na wò aƒelika be,
“Yi nàtrɔ va, etsɔ matsɔe na wò” esi wòle asiwò fifia o.
29 Mègaɖo vɔ̃ ɖe wò aƒelika,
ame si le gbɔwò le anukwareɖiɖi me la ŋu o.
30 Mègatsɔ nya ɖe ame aɖeke ŋu dzodzro
esi mewɔ vɔ̃ aɖeke ɖe ŋuwò o.
 
31 Mègabiã ŋu ŋutsu nu sesẽ wɔla
alo azɔ le eƒe mɔ aɖeke dzi o,
32 elabena Yehowa nyɔa ŋu ŋutsu nu tovo wɔla
gake elɔ̃a ame siwo wɔa nu dzɔdzɔe.
 
33 Yehowa ƒe fiƒode le ame vɔ̃ɖiwo
ƒe aƒe dzi, ke eyrana ɖe ame dzɔdzɔewo ƒe aƒe dzi.
34 Yehowa ɖua fewu le dadala fewuɖulawo ŋu,
ke evea ame siwo bɔbɔa wo ɖokui la nu.
35 Nunyalawo nyia bubu ƒe dome,
ke bometsilawo la, etsɔa wo dea asi na ŋukpe.