12
Aʋawɔlawo va kpe ɖe David ŋu
Ame siawoe nye aʋawɔla siwo va kpe ɖe David ŋu le Ziklag esi wonyae le Saul, Kis ƒe vi la ƒe ŋkume. Woawoe nye kalẽtɔ siwo kpe ɖe eŋu le aʋawɔwɔ me. Wo katã lé aŋutrɔwo ɖe asi, wonye aŋutrɔdala kple akafodala nyuiwo eye wowɔa mia kple ɖusi siaa ŋu dɔ sɔsɔe. Wo katã wotso Benyamin ƒe to la me abe Saul ke ene.
 
Ame siawo Nunɔlae nye Ahiezer kple Yoas, Semaa tso Gibea ƒe viŋutsuwo. Bubuwoe nye:
Yeziel kple Pelet, Azmavet ƒe viwo,
Beraka Yehu tso Anatɔt, Ismaya tso Gibeon, kalẽtɔ kple kplɔla na Ame Blaetɔ̃awo;
Yeremia, Yahaziel, Yohanan, Yozabad tso Gederat, Eluzai, Yerimot, Bealia, Semeria, Sefatia tso Haruf;
Elkana, Isia, Azarel, Yoezer kple Yasobeam, ame siwo katã nye Korah ƒe viwo;
Yoela kple Zebadia, Yeroham, ame siwo tso Gedor ƒe viŋutsuwo.
 
Aʋawɔla kalẽtɔ aɖewo siwo tso Gad ƒe viwo dome hã yi David gbɔ le gbedzi. Wowɔa akpoxɔnu kple akplɔ siaa ŋu dɔ nyuie. Woƒe mo le abe dzata tɔ ene eye woɖea abla abe zi ene le towo dzi.
 
Ezer nye woƒe tatɔ,
Obadia nye evelia, etɔlia nye Eliab.
10 Mismana nye enelia, Yeremia nye atɔ̃lia,
11 Atai nye adelia, Eliel nye adrelia,
12 enyiliae nye Yohanan; asiekeliae nye Elzabad;
13 ewoliae nye Yeremia eye wuiɖekɛliae nye Makbanai.
 
14 Gad ƒe vi siawoe nye aʋafiawo; ame alafa ɖeka mate ŋu anɔ te ɖe wo dometɔ gblɔetɔ nu o eye wo dometɔ sesẽtɔ ate ŋu anɔ te ɖe ame akpe nu. 15 Woawoe nye ame siwo tso Yɔdan tɔsisi la le dzinu gbãtɔ me esi wòɖɔ gbagba eye wonya ame siwo katã nɔ balia me la ɖe du nu. Ɖewo si to ɣedzeƒe eye ɖewo hã si to ɣetoɖoƒe.
16 Aʋawɔla bubuwo tso Benyamin ƒe viwo kple Yuda ƒe viwo dome ame siwo hã va de David dzi le eƒe mɔ sesẽ la me. 17 David yi ɖakpe wo eye wògblɔ na wo be, “Ne mieva le ŋutifafa me be yewoakpe ɖe ŋunye la, ekema mele klalo be mawɔ ɖeka kpli mi ke ne mieva be yewoadem asi na nye futɔwo, le esime nye asiwo mewɔ vɔ̃ aɖeke o la, ekema mía fofowo ƒe Mawu nakpɔe eye wòadrɔ̃ ʋɔnu mi.”
18 Tete Mawu ƒe Gbɔgbɔ ɖiɖi ɖe Amasai, Ame Blaetɔ̃awo ƒe tatɔ dzi eye wògblɔ be,
“Oo David, tɔwòwoe míenye!
Oo Yese viŋutsu, míeli kpli wò!
Ŋutifafa, ŋutifafa na wò
eye ŋutifafa na ame siwo kpena ɖe ŋuwò,
elabena wò Mawu la akpe ɖe ŋuwo.”
Ale David xɔ wo eye wòtsɔ wo ɖo eƒe adzohawo nu.
19 Ŋutsu aɖewo tso Manase ƒe to la me ame siwo si va de David dzi esi wònɔ Filistitɔwo gbɔ be wòawɔ aʋa kple Saul. (Eya kple eƒe ameawo mekpe ɖe Filistitɔwo ŋu o elabena le aɖaŋudede megbe la, Filistitɔwo ƒe fiawo na wòtrɔ dzo. Wogblɔ be, “Woava tso ta le mía nu nenye be esi yi eƒe aƒetɔ Saul gbɔ.”) 20 Manase ƒe vi siwo va kpe ɖe David ŋu esi wòyi Ziklag la woe nye: Adna, Yozabad, Yediael, Mikael, Yozabad, Elihu kple Ziletai. Ame siawo katã nye ame akpewo nunɔlawo le Manase. 21 Wokpe ɖe David ŋu wòɖu adzohawo dzi elabena wo katã wonye aʋawɔla kalẽtɔwo eye wonye aʋafiawo le eƒe asrafoha me. 22 Tso ŋkeke yi ŋkeke la, ame geɖewo va kpe ɖe David ŋu va se ɖe esime aʋakɔ gã aɖe va ɖo esi, si le abe Mawu ƒe aʋakɔ ene.
Ame bubuwo va kpe ɖe David ŋu le Hebron
23 Ame geɖewo va kpe ɖe David ŋu le Hebron eye wodi vevie be David naɖu fia ɖe Saul teƒe abe ale si Yehowa gblɔe do ŋgɔ ene. Ame siawoe nye:
 
24 Ame akpe ade alafa enyi (6,800) tso Yuda; woglã wo ɖokuiwo kple akpoxɔnuwo kple akplɔwo;
25 aʋawɔla sesẽ akpe adre alafa ɖeka (7,100) tso Simeon ƒe viwo dome;
26 ame akpe ene alafa ade (4,600) tso Levi ƒe viwo dome. 27 Aron ƒe dzidzimeviwo ame akpe etɔ̃. Ame siwo nɔ Yehoiada ƒe kpɔkplɔ te la nye ame akpe etɔ̃ alafa adre (3,700) 28 Zadok kple eƒe ƒometɔ blaeve-vɔ-eve nye amegãwo le nunɔlawo dome.
29 Ame akpe etɔ̃ (3,000) tso Benyamin ƒe viwo, ame siwo me Saul dzɔ tso la dome. Benyamin ƒe vi geɖewo ganɔ Saul yome va se ɖe ɣe ma ɣi.
30 Aʋawɔla sesẽ akpe blaeve alafa enyi (20,800) tso Efraim ƒe viwo dome; wo dometɔ ɖe sia ɖe xɔ ŋkɔ le eƒe hlɔ̃ me.
31 Woɖo ame akpe wuienyi (18,000) ɖa tso Manase ƒe viwo ƒe afã me be woakpe ɖe David ŋu wòazu fia.
32 Kplɔla alafa eve (200) kple woƒe ƒometɔwo tso Isaka ƒe viwo dome. Ame siawo nya nu si tututu dze be Israel nawɔ.
33 Ame akpe blaatɔ̃ (50,000) tso Zebulon ƒe viwo dome. Wohe wo katã nyuie eye wonɔ David yome kple dzi blibo.
34 Aʋamegã akpe ɖeka (1,000) kple aʋawɔla akpe blaetɔ̃-vɔ-adre (37,000), ame siwo glã wo ɖokuiwo kple akpoxɔnu kple akplɔ la, tso Naftali ƒe viwo dome.
35 Ame akpe blaeve-vɔ-enyi, alafa ade (28,600) tso Dan ƒe viwo dome. Wo katã wodzra ɖo na aʋawɔwɔ.
36 Ame akpe blaene (40,000) tso Aser ƒe viwo dome. Wohe wo nyuie eye wonɔ klalo na aʋawɔwɔ.
37 Ame akpe alafa ɖeka blaeve (120,000) tso Yɔdan tɔsisi la ƒe akpa kemɛ, afi si Ruben ƒe viwo kple Gad ƒe viwo kple Manase ƒe viwo ƒe afã nɔ. Woawo tsɔ aʋawɔnu ɖe sia ɖe ƒomevi ɖe asi.
 
38 Ame siawo katã do aʋawɔwu heyi Hebron kple taɖodzinu ɖeka sia be David nazu Israel fia. Le nyateƒe me la, Israel blibo la nɔ klalo be David naɖu fia.
 
39 Woɖu nu eye wono nu kple David ŋkeke etɔ̃ elabena wodzra ɖo na woƒe vava. 40 Kpuiƒetsolawo kple ame siwo tso didiƒe ke abe Isaka, Zebulon kple Naftali ene la tsɔ nuɖuɖu ɖe tedziwo, kposɔwo kple nyiwo dzi vɛ. Wotsɔ wɔ, akpɔnɔ, waintsetse, wain, ami, nyiwo kple alẽwo vɛ hena kplɔ̃ɖoɖo elabena dzidzɔ yɔ Israel ƒe anyigba blibo la dzi.