27
Hatsotso siwo nɔ aʋakɔ la me
Esiae nye Israelviwo ƒe hatsotsowo le ƒometatɔwo, ame akpewo ƒe tatɔwo, ame alafawo ƒe tatɔwo kple woƒe dɔnunɔlawo nu, ame siwo wɔ dɔ na fia la le aʋakɔ la ƒo hatsotsowo me, ame siwo nɔa dɔme dzinu ɖeka ɖe wo nɔewo yome le ƒea me. Ŋutsu akpe blaeve-vɔ-ene (24,000) nɔ hatsotso ɖe sia ɖe me.
 
Yasobeam, Zabdiel ƒe viŋutsu, nɔ hatsotso gbãtɔ nu le ɣleti gbãtɔ me. Ame akpe blaeve-vɔ-enee (24,000) nɔ eƒe hatsotso la me. Enye Perez ƒe dzidzimevi eye wònye amegã nɔ asrafomegãwo nu le ɣleti gbãtɔ me.
Hatsotso evelia ƒe tatɔe nye Dodai, Ahohitɔ ƒe dzidzimevi. Ekpɔ ame akpe blaeve-vɔ-ene (24,000) dzi eye eƒe amewo wɔa dɔ le ƒe sia ƒe ƒe ɣleti evelia me. Eƒe kpeɖeŋutɔe nye Miklɔt.
Aʋakɔ etɔ̃lia na ɣleti etɔ̃lia ƒe tatɔe nye Benaya, Yehoiada, Nunɔla la ƒe viŋutsu. Ame akpe blaeve-vɔ-enee (24,000) nɔ ete. Benaya sia nye ame sesẽ si nɔ Ame Blaetɔ̃awo dome kple woƒe tatɔ. Via ŋutsu Amizabad nye hatsotso la ƒe tatɔ.
Hatsotso enelia ƒe tatɔe nye Asahel, Yaob nɔvi, ame si teƒe via Zebadia va xɔ ɖo emegbe. Eƒe ame akpe blaeve-vɔ-eneawo (24,000) wɔa dɔ le ɣleti enelia me.
Hatsotso atɔ̃lia ƒe tatɔe nye Samut tso Izra. Eƒe ame akpe blaeve-vɔ-eneawo (24,000) wɔa dɔ le ƒe sia ƒe ƒe ɣleti atɔ̃lia me.
Hatsotso adelia ƒe tatɔe nye Ira, ame si nye Ikes tso Tekoa ƒe vi. Eƒe ame akpe blaeve-vɔ-eneawo (24,000) wɔa dɔ le ɣleti adelia me.
10 Hatsotso adrelia ƒe tatɔe nye Helez tso Pelɔn le Efraim. Eƒe ame akpe blaeve-vɔ-eneawo (24,000) wɔa dɔ le ɣleti adrelia me.
11 Hatsotso enyilia ƒe tatɔe nye Sibekai tso Husasi ƒe hlɔ̃ me tso Zera. Eƒe ame akpe blaeve-vɔ-eneawo (24,000) wɔa dɔ le ɣleti enyilia me.
12 Hatsotso asiekelia ƒe tatɔe nye Abiezer, tso Anatɔt tso Benyamin ƒe viwo dome. Eƒe ame akpe blaeve-vɔ-eneawo (24,000) wɔa dɔ le ɣleti asiekelia me.
13 Hatsotso ewolia ƒe tatɔe nye Maharai tso Netofa le Zera. Eƒe ame akpe blaeve-vɔ-eneawo (24,000) wɔa dɔ le ɣleti ewolia me.
14 Hatsotso wuiɖekɛlia ƒe tatɔe nye Benaya tso Piratɔn le Efraim. Eƒe ame akpe blaeve-vɔ-eneawo (24,000) wɔa dɔ le ɣleti wuiɖekɛlia me.
15 Hatsotso wuievelia ƒe tatɔe nye Heldai tso Netofa, tso Otniel ƒe viwo dome. Eƒe ame akpe blaeve-vɔ-eneawo (24,000) wɔa dɔ le ɣleti wuievelia me.
To wuieveawo dzi kpɔlawo
16 Israel ƒe toawo nunɔlawo le ale:
 
Ruben ƒe viwo Nunɔlae nye Eliezer, Zikri ƒe vi;
Simeon ƒe viwo Nunɔlae nye Sefatia, Maaka ƒe vi;
17 Levi ƒe viwo Nunɔlae nye Hasabia, Kemuel ƒe vi;
Aron ƒe viwo Nunɔlae nye Zadok;
18 Yuda ƒe viwo Nunɔlae nye Elihu, Fia David nɔvi;
Isaka ƒe viwo Nunɔlae nye Omri, Mikael ƒe vi;
19 Zebulon ƒe viwo Nunɔlae nye Ismaya, Obadia ƒe vi;
Naftali ƒe viwo Nunɔlae nye Yeremot, Azriel ƒe vi;
20 Efraim ƒe viwo Nunɔlae nye Hosea, Azazia ƒe vi;
Manase ƒe viwo ƒe afã ɖeka Nunɔlae nye Yoel, Pedaya ƒe vi;
21 Manase ƒe viwo ƒe afã evelia nɔ Gilead, wo Nunɔlae nye Ido, Zekaria ƒe vi.
Benyamin ƒe viwo Nunɔlae nye Yaasiel, Abner ƒe vi;
22 Dan ƒe viwo Nunɔlae nye Azarel, Yeroham ƒe vi.
 
Ame siawoe nye Israel toawo ƒe amegãwo.
23 David mexlẽ ame siwo mexɔ wu ƒe blaeve la o elabena Yehowa do ŋugbe be yeana Israelviwo nasɔ gbɔ abe dziƒoɣletiviwo ene. 24 Ame si dze amexexlẽ la gɔmee nye Yoab, Zeruya ƒe vi gake mete ŋu wu enu o elabena Mawu ƒe dɔmedzoe bi ɖe Israel ŋu eya ta womede amexexlẽ sia ƒe nukpɔkpɔ Fia David ƒe ŋutinya me o.
Fia la ƒe dɔdzikpɔlawo
25 Azmavet, Adiel ƒe vi, nye tatɔ na ame siwo kpɔa fia la ƒe kesinɔnuwo dzraɖoƒe dzi
eye Yonatan, Uzia ƒe vi, nye tatɔ na ame siwo kpɔa kesinɔnuwo dzraɖoƒe la dzi le duwo kple kɔƒewo kple mɔwo me.
26 Ezri, Kelub ƒe vi kpɔa ame siwo wɔa dɔ le agblewo me la dzi.
27 Simei, tso Ramat kpɔ fia la ƒe waingblewo dzi eye Zabdi, Sifmitɔ kpɔa eƒe wainfiafia kple edzadzraɖo dzi.
28 Baal Hanan tso Gedera kpɔa fia la ƒe amiti kple gboti siwo le gbadzaƒe si do liƒo kple Filistitɔwo ƒe anyigba dzi eye Yoas kpɔa ami si ŋu dɔ wowɔna la dzi.
29 Sitrai, tso Saron kpɔa nyi siwo le Saron ƒe gbeɖuƒe la dzi
eye Safat, Adlai ƒe vi, kpɔa nyi siwo nɔ balimewo la dzi.
30 Obil, Ismaeltɔ la, kpɔ kposɔwo dzi eye Yehdeia, Meronotitɔ la kpɔa tedziwo dzi.
31 Alẽwo nɔ Yaziz, Hagritɔ la ƒe dzikpɔkpɔ te. Ame siawoe nye Fia David ƒe kesinɔnuwo dzikpɔlawo.
Ame siawo katãe nɔ fia David ƒe kesinɔnuwo nu.
 
32 Yonatan, Fia David tɔɖia, nye aɖaŋuɖola nyui aɖe; gɔmesese le esi eye wònye agbalẽŋlɔ la hã.
Yehiel, Hakmoni ƒe vi fia nu fia la ƒe viwo.
33 Ahitofel nye fia la ƒe aɖaŋuɖola eye Husai, Arkitɔ la, nye fia xɔlɔ̃.
34 Esi Ahitofel ku la, Abiata kple Yehoiada, Benaya ƒe vi, zu aɖaŋuɖolawo,
eye Yoab nye fia la ƒe aʋafia.