10
Israel dze aglã ɖe Rehoboam ŋu
Rehoboam yi Sekem elabena Israelviwo katã yi afi ma be woaɖoe fiae. Esi Yeroboam, Nebat ƒe viŋutsu, se nya sia la, etrɔ gbɔ tso Egipte, afi si wòsi le Fia Solomo nu, yi ɖabe ɖo. Ale woɖo du ɖe Yeroboam eye eya kple Israel katã yi Rehoboam gbɔ eye wogblɔ nɛ bena, “Fofowò da kɔkuti kpekpe aɖe ɖe mía dzi. Ke azɔ la, wò la, ɖe dɔ sesẽ wɔwɔ kple kɔkuti kpekpe si wòda ɖe mía dzi la dzi na mí ekema míasubɔ wò.”
Rehoboam ɖo eŋu na wo be, “Miyi miatrɔ agbɔ le ŋkeke etɔ̃ megbe.” Ale ameawo dzo. Tete Fia Rehoboam de aɖaŋu kple ametsitsi siwo nɔ fofoa Solomo ŋu le eƒe agbemeŋkekewo me. Ebia wo be, “Ŋuɖoɖo kae miesusu be mana ame siawo?”
Woɖo eŋu nɛ be, “Ne ànyo dɔme na ame siawo, awɔ nu siwo wodi eye nàna ŋuɖoɖo nyui aɖewo la, woanye wò dɔlawo tegbee.”
Ke Rehoboam gbe mexɔ aɖaŋu si dumemetsitsiawo ɖo nɛ la o ke boŋ eyi ɖade aɖaŋu kple ehati siwo nɔ esubɔm. Ebia wo be, “Nu ka miesusu? Aleke míagblɔ na ame siawo esi wova biam be, ‘Ɖe kɔkuti si fofowò tsɔ da ɖe mía dzi la dzi kpɔtɔ na mí’ mahã?”
10 Ɖekakpuiawo, ame siwo nye ehatiwo la gblɔ nɛ be, “Gblɔ na ame siwo, gblɔ na wò be, ‘Fofowò da kɔkuti kpekpe aɖe ɖe mía dzi eya ta wɔ wò kɔkuti la wodzoe’ la be, ‘Nye asibidɛ kɔtoetɔ lolo wu fofonye ƒe alime. 11 Fofonye tsɔ kɔkuti kpekpe ɖo mia dzi. Nye ya mawɔe wòagakpe ɖe edzi. Fofonye ƒo mi kple ameƒoti, ke nye ya maƒo mi kple ahɔ̃.’ ”
12 Le ŋkeke etɔ̃ megbe la, Yeroboam kple ameawo katã trɔ va Rehoboam gbɔ abe ale si fia la gblɔ ene be, “Mitrɔ gbɔ va gbɔnye le ŋkeke etɔ̃ megbe la ene.” 13 Fia la ɖo nya la ŋu na wo kple adã eye mewɔ ɖe ametsitsiawo ƒe aɖaŋuɖoɖo dzi o. 14 Ewɔ ɖe ɖekakpuiawo ƒe aɖaŋuɖoɖo boŋ dzi eye wògblɔ be, “Fofonye na miaƒe kɔkuti kpe; nye ya mana kɔkuti la nagakpe wu. Fofonye ƒo mi kple ameƒoti; nye ya maƒo mi kple ahɔ̃.”
15 Ale fia la meɖo to ameawo o elabena nuwo ƒe yiyi me alea tso Yehowa gbɔ be, woawu nya si Yehowa gblɔ ɖi ɖe Yeroboam, Nebat ƒe vi, ŋuti to Silonitɔ, Ahiya dzi la nu.
16 Esi Israel katã kpɔ be fia la gbe toɖoɖo wo la, woɖo eŋu na fia la be,
“Gomekpɔkpɔ kae le mía si le David me
eye domenyinu kae míaxɔ tso Yese vi la gbɔ?
Oo Israel, miyi miaƒe agbadɔwo me!
Oo David, kpɔ wò ŋutɔ wò aƒe gbɔ!”
Ale Israelviwo katã dzo yi aƒe me. 17 Ke hena Israelvi siwo nɔ Yuda ƒe duwo me la, Rehoboam gaɖu fia ɖe wo dzi ko.
18 Fia Rehoboam dɔ Adoniram, ame si kpɔa dzizizidɔwo ƒe nyawo gbɔ la ɖe Israel gake Israelviwo ƒu kpee wòku. Ke hã la Fia Rehoboam dze agbagba ge ɖe eƒe tasiaɖam me eye wòsi yi Yerusalem. 19 Ale Israel dze aglã ɖe David ƒe aƒe la ŋu va se ɖe egbe.