12
Sisak ho aʋa ɖe Yerusalem ŋu
Esime Rehoboam li ke ɖe eƒe fiazikpui dzi eye wòɖo ŋusẽ la, eya kple Israel blibo la gbe nu le Yehowa ƒe se la gbɔ. Esi wometo nyateƒe na Yehowa o ta la, Sisak, Egipte fia, ho aʋa ɖe Yerusalem ŋu le Fia Rehoboam ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe atɔ̃lia me kple tasiaɖam akpe ɖeka alafa eve (1,200), sɔdola akpe blaade (60,000) kple aʋawɔla siwo mele xexlẽ me o. Ame siwo kpe ɖe Fia Sisak ŋu la woe nye, Libiatɔwo, Sukimtɔwo kple Kustɔ siwo tso Egipte. Fia Sisak ɖu Yuda du siwo woglã la katã dzi eye wòɖo Yerusalem.
Nyagblɔɖila Semaya wɔ takpekpe kple Rehoboam kple Yuda ƒe kplɔlawo tso dukɔ la ƒe akpa ɖe sia ɖe, ame siwo si va Yerusalem la eye wògblɔ na wo be, “Yehowa gblɔ be, ‘Miegblem ɖi eya ta nye hã megble mi ɖi ɖo eye metsɔ mi de asi na Sisak.’ ”
Fia Rehoboam kple Yuda ƒe kplɔlawo do ɣli ʋu woƒe nu vɔ̃wo me be, “Yehowa tɔ dzɔ be wòwɔ mí alea!”
Esi Yehowa kpɔ ale si wobɔbɔ wo ɖokuie la, eɖo Semaya ɖa be wòagblɔ na wo be, “Esi miebɔbɔ mia ɖokui ta la, nyematsrɔ̃ mi keŋkeŋ o, mia dometɔ aɖewo asi. Nyemawɔ Fia Sisak ŋu dɔ le nye dɔmedzoetɔtrɔ kɔ ɖe Yerusalem dzi me o. Ke miadzɔ nu na Sisak ƒe sia ƒe. Ekema miadze sii be, enyo sãa be miasubɔm wu be miasubɔ Sisak!”
Ale Egipte fia, Sisak ɖu Yerusalem dzi eye wòlɔ nu sia nu le gbedoxɔ la kple fiasã la me dzoe. Etsɔ sikakpoxɔnu siwo Solomo wɔ la katã hã dzoe. 10 Ke Fia Rehoboam wɔ akɔblikpoxɔnuwo ɖe wo teƒe eye wòtsɔ wo de asi na eŋudzɔlawo ƒe amegã. 11 Ɣe sia ɣi si fia la yi gbedoxɔ la me la, eŋudzɔlawo tsɔa wo bɔa asaɖa le eŋgɔ eye emegbe la, wogbugbɔa wo dana ɖe dzɔlawo ƒe xɔ me. 12 Esi fia la bɔbɔ eɖokui la, Yehowa na eƒe dɔmedzoe nu tso eye metsrɔ̃ ameawo keŋkeŋ o. Le Sisak ƒe aʋawɔwɔ kpli wo emegbe gɔ̃ hã la, meda ahe o.
13 Fia Rehoboam ɖu fia ƒe wuiadre le Yerusalem, du si Mawu tia wɔ eƒe nɔƒee le ŋkuléle ɖe Israel duwo katã ŋu megbe la me. Rehoboam ɖu fia esi wòxɔ ƒe blaene-vɔ-ɖekɛ. Dadaa ŋkɔe nye Naama eye wònye Amoni nyɔnu aɖe. 14 Rehoboam nye fia vɔ̃ɖi aɖe elabena meɖo ta me kura be yeadze Yehowa ŋu o. 15 Woŋlɔ Rehoboam ƒe ŋutinya blibo la ɖe nu siwo nyagblɔdila, Semaya kple nukpɔla, Ido ŋlɔ ɖe Dzidzimegbalẽ la me.
Aʋa dzɔna ɖe Rehoboam kple Yeroboam dome enuenu. 16 Esi Rehoboam ku la, woɖii ɖe David ƒe du la me eye via Abiya ɖu fia ɖe eteƒe.