21
Yuda fia Yehoram
Esi Yehosafat ku la, woɖii ɖe tɔgbuiawo dome le David ƒe Du la me, eye via Yehoram ɖu fia ɖe eteƒe. Fofoa ƒe viŋutsu bubuwoe nye Azaria, Yehiel, Zekaria, Azaria, Mikael kple Sefatia. Wo fofo na klosalo, sika kple nu xɔasi geɖewo wo kpe ɖe Yuda du siwo woglã la ŋu, ke etsɔ fiaɖuƒe la na Yehoram elabena eyae nye via ŋusu ŋgɔgbetɔ. Esi Yehoram li ke eɖokui nyuie ɖe fofoa ƒe fiaɖuƒea dzi la, ewu nɔviŋutsuwo katã kple Israel ƒe fiaviŋutsu aɖewo hã. Yehoram xɔ ƒe blaetɔ̃-vɔ-eve esi wòzu fia. Eɖu fia le Yerusalem ƒe enyi. Enye fia vɔ̃ɖi aɖe abe Ahab kple Israel fia bubuawo ene. Eɖe Ahab ƒe vinyɔnu eye wòwɔ nu si nye vɔ̃ le Yehowa ŋkume. Ke Yehowa medi be yeatsi David ƒe viwo ƒe fiaɖuɖu nu o elabena ebla nu kple David be, yeana eƒe dzidzimeviwo dometɔ ɖeka nanɔ fiazikpui la dzi ɣe sia ɣi kokoko.
Le Yehoram ƒe fiaɖuɣi la, Edomtɔwo dze aglã, ɖe wo ɖokui ɖa tso Yuda te eye woɖo fia na wo ɖokui. Ke Yehoram yi afi ma kple eƒe amegãwo kpakple tasiaɖamwo katã. Le zã me la, Edomʋakɔ va ɖe to ɖe kpe ɖe eƒe tasiaɖam megãwo ŋu. Ke Yehoram kple eƒe tasiaɖam megãwo kpe aʋa kple Edomtɔwo hekpe wo dzi hesi to wo dome dzo. 10 Gake Edomtɔwo do le Yuda ƒe kɔkuti te va se ɖe egbe. Libna hã dze aglã elabena Yehoram trɔ le Yehowa, fofoawo ƒe Mawu yome. 11 Gawu la, Yehoram wɔ nuxeƒewo ɖe Yuda ƒe towo dzi eye wòzi eƒe amewo dzi be woasubɔ legbawo.
12 Nu sia na Nyagblɔɖila Eliya ŋlɔ agbalẽ sia nɛ be,
“Yehowa, tɔgbuiwò David ƒe Mawu la be, esi mèto fofowò Yehosafat alo Fia Asa ƒe afɔtoƒe o, 13 ke èvɔ̃ɖi abe fia siwo le Israel ene eye nèna Yerusalemtɔwo kple Yudatɔwo subɔ legbawo abe ale si wowɔ le Fia Ahab ŋɔli ene eye esi nèwu nɔviwòwo, ame siwo nyo wu wò ta la, 14 Yehowa atsrɔ̃ wò dukɔ kple dɔvɔ̃ dziŋɔ aɖe azɔ. Woatsrɔ̃ wò ŋutɔ, viwòwo, srɔ̃wòwo kple nu siwo katã le asiwò. 15 Dɔléle, aɖe fu na wò dɔkaviwo eye wò dɔmenuwo aƒaƒã.”
16 Ale Yehowa na Filistitɔwo kple Arabiatɔwo, ame siwo do liƒo kple Kustɔwo la ho aʋa ɖe Yehoram ŋu. 17 Wozɔ ɖe Yuda dzi, ge ɖe woƒe anyigba dzi; wotsɔ nu xɔasi ɖe sia ɖe si nɔ fiasã la me eye wolé fia la ƒe viwo kple srɔ̃awo dzoe. Fia ƒe vi suetɔ, Yehoahaz, koe te ŋu si.
18 Le esiawo megbe la, Yehowa na dɔléle dze Fia Yehoram ƒe dɔmenuwo dzi. 19 Le ƒe eve megbe la, eƒe dɔkaviwo do go eye wòku le vevesese geɖe me. Womewɔ kɔnu siwo wowɔna na fiawo ne wòku la nɛ o.
20 Exɔ ƒe blaetɔ̃-vɔ-eve esi wòdze fiaɖuɖu gɔme eye wòɖu fia ƒe enyi le Yerusalem. Esi wòku la, womefae o, woɖii ɖe Yerusalem gake menye ɖe fiawo ƒe ameɖibɔ me o.