24
Yoas dzra Gbedoxɔ la ɖo
Yoas xɔ ƒe adre esi wòzu fia eye wòɖu fia ƒe blaene le Yerusalem. Dadaa ŋkɔe nye Zibia tso Beerseba. Yoas wɔ nu si nyo le Yehowa ŋkume, le nunɔla Yehoiada ƒe agbemeŋkekewo katã me. Yehoiada ɖe srɔ̃ eve nɛ, ame siwo dzi viŋutsuwo kple vinyɔnuwo nɛ.
Emegbe la, Yoas ɖo ta me be yeadzra gbedoxɔ la ɖo. Eyɔ nunɔlawo kple Levitɔwo ƒo ƒu eye wògblɔ na wo be, “Miyi Yuda duwo katã me eye miadzɔ xɔtuga le Israelviwo si ale be míate ŋu adzra gbedoxɔ la ɖo. Mitso ɖe eŋu kaba! Migahe ɖe megbe o!” Ke Levitɔwo metso ɖe eŋu enumake o.
Ale fia la yɔ Yehoiada, nunɔlagã la eye wòbiae be, “Nu ka ta mèzi Levitɔwo dzi be woaɖaxɔ ga tso Yuda duwo me kple Yerusalem hena gbedoxɔ la dzadzraɖo o? Ele be míakpɔ egbɔ be wowɔ se si Mose, Yehowa ƒe dɔla, de la dzi ale be míate ŋu adzra gbedoxɔ la ɖo.”
Azɔ la, nyɔnu vɔ̃ɖi ma, Atalia ƒe viŋutsuwo gbã ʋɔa ge ɖe Mawu ƒe gbedoxɔ la me eye wowɔ nu kɔkɔeawo gɔ̃ hã ŋu dɔ na Baalwo.
Le fia la ƒe gbeɖeɖe nu la, wokpa tsitrenuɖaka aɖe da ɖe gota le Yehowa ƒe gbedoxɔ la ƒe agbo nu. Woɖe gbeƒã le Yuda kple Yerusalem be woatsɔ adzɔga si Mawu ƒe dɔla Mose bia tso Israel si le gbea dzi la vɛ na Yehowa. 10 Dɔnunɔlawo katã kple ameawo katã tsɔ woƒe nudzɔdzɔwo vɛ kple dzidzɔ eye woda wo ɖe nudzɔɖaka la me va se ɖe esime wòyɔ banaa.
11 Nenye be Levitɔwo tsɔ gaɖaka la vɛ na fia la ƒe dɔdzikpɔlawo eye wokpɔ be ga geɖe le eme la, fiasãmegbalẽŋlɔla la kple nunɔlagã ƒe dɔdzikpɔla va trɔa ga la le aɖaka la me eye wotsɔa aɖaka ƒuƒlu la ɖadana ɖe enɔƒe. Wowɔa esia enuenu eye wokpɔ ga home gã aɖe. 12 Fia la kple Yehoiada tsɔa ga la naa ŋutsu siwo wɔa dɔ siwo hiã le Yehowa ƒe gbedoxɔ la ŋu. Wotsɔa gliɖolawo kple atikpalawo be woaɖɔ Yehowa ƒe gbedoxɔ la ɖo. Nenema kee wotsɔa gayibɔ kple akɔbli dɔwɔlawo be woaɖɔ gbedoxɔ la ɖo. 13 Ŋutsu siwo nɔ dɔa nu la wɔ dɔ kple kutrikuku eye ɖɔɖɔɖodɔ la yi edzi nyuie le woƒe kpɔkplɔ te. Wogbugbɔ Mawu ƒe gbedoxɔ la tu, heglãe ɖe eƒe tata gbãtɔ nu. 14 Esi wowu dɔ la nu la, wotsɔ ga si susɔ la vɛ na fia la kple Yehoiada eye wotsɔe wɔ Yehowa ƒe gbedoxɔmenu siawoe: subɔsubɔnuwo, numevɔsanuwo kple agbawo kple klosalo kple sikanuwo. Zi ale si Yehoiada nɔ agbe la, numevɔsa yi edzi ɣe sia ɣi le Yehowa ƒe gbedoxɔ me.
15 Yehoiada tsi ŋutɔ, exɔ ƒe alafa ɖeka blaetɔ̃ (130) hafi ku. 16 Woɖii ɖe David ƒe Du la me ɖe fiawo dome elabena ewɔ nu nyui geɖewo na Israel kple Mawu kple gbedoxɔ la.
Yoas ƒe ŋutasesẽ
17 Le Yehoiada ƒe ku megbe la, Israel kplɔlawo va de ta agu na fia la eye fia la ɖo to wo. 18 Woɖe asi le Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu, ƒe gbedoxɔ la ŋu eye wosubɔ aƒeliwo kple legbawo. Le woƒe nu vɔ̃ wɔwɔ ta la, Mawu ƒe dɔmedzoe bi ɖi Yuda kple Yerusalem ŋu. 19 Mawu ɖo nyagblɔɖilawo ɖa be woana ameawo natrɔ va ye gbɔ gake ameawo meɖo to wo o.
20 Azɔ Mawu ƒe Gbɔgbɔ va dze Zekaria, Yehoiada ƒe vi, dzi. Eyɔ ameawo katã ƒo ƒu. Etsi tsitre ɖe kplɔ̃ aɖe dzi le ameawo ŋgɔ hegblɔ na wo be, “Mawu di be yeanya nu si na miele yeƒe sewo dzi wɔm o. Nu sia tae naneke megadzea edzi na mi o. Miegble Yehowa ɖi eya ta eya hã gble mi ɖi azɔ.” 21 Tete wobla ɖe eŋu eye woƒu kpee le Yehowa ƒe gbedoxɔ ƒe xɔxɔnu, le fia la ƒe sedede nu. 22 Fia Yoas meɖo ŋku dɔmenyo Zaxarya fofo, Yehoiada, wɔ nɛ la dzi o eye wòwu Via ŋutsu, Zaxarya, ame si gblɔ esi wòmlɔ anyi nɔ kukum be, “Yehowa, kpɔ nu si wowɔ la ɖa eye nàɖo eteƒe na wo.”
23 Le ɣleti aɖewo megbe la, Siria ƒe aʋakɔ va ɖu Yuda kple Yerusalem dzi eye wowu dukɔa kplɔlawo katã. Woha afunyinu geɖewo ɖo ɖe woƒe fia le Damasko. 24 Yehowae na Siria ƒe aʋakɔ sue la ɖu Yuda ƒe aʋakɔ gã la dzi elabena Yudatɔwo gble Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu la ɖi. Ale Mawu he to na Yoas. 25 Esi Siria ƒe aʋakɔ la dzo la, Yoas tsi aba dzi le abi gã si wòxɔ la ta. Yoas ŋutɔ ŋumewo ɖo ta me be yewoawui le esi wòwu nunɔla Yehoiada ƒe vi, Zaxarya ta. Ale wowui le eƒe aba dzi eye woɖii ɖe David Ƒe Du la me gake menye ɖe fiawo ɖiƒe o.
26 Ame siwo wɔ babla ɖe eŋu la woe nye Zabad, ame si dadae nye Simeat, Amon ƒe viwo dometɔ ɖeka kple Yehozabad, Simirit, nyɔnu aɖe si tso Moab. 27 Woŋlɔ nu tso Yoas ƒe viŋutsuwo, fiƒode siwo woli kɔe ɖe Yoas dzi kple ale si wogakɔ gbedoxɔ la ŋuti la ɖe Fiawo ƒe ŋutinyawo me.
Esi Yoas ku la, via Amazia ɖu fia ɖe eteƒe.