34
Tɔtrɔ yeye siwo Yosia wɔ
Yosia xɔ ƒe enyi esi woɖoe fiae. Eɖu fia ƒe blaetɔ̃-vɔ-ɖekɛ le Yerusalem. Ewɔ nu si nyo le Yehowa ŋkume eye wòto tɔgbuia, David ƒe afɔtoƒewo. Medze ɖe ɖusime alo miame o. Esi wòxɔ ƒe wuiade le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe enyilia me la, ede asi tɔgbuia David ƒe Mawu didi me eye le ƒe ene bubu megbe la, ede asi nu vɔ̃wo ɖeɖe ɖa me le Yuda kple Yerusalem. Egbã trɔ̃subɔlawo ƒe vɔsamlekpuiwo eye wòho aƒeliwo le nuxeƒeawo. Eya ŋutɔ ɖakpɔ ale si wogbã Baal ƒe vɔsamlekpui kple ale si womu aƒeli siwo nɔ vɔsamlekpui la tame la ƒu anyi kple ale si wogbã legbawoe eye wotu wɔ heʋuʋu ɖe ame siwo sa vɔ na legba mawo la ƒe yɔdowo dzi la teƒe. Etɔ dzo trɔ̃nuawo ƒe ƒuwo ɖe woawo ŋutɔwo ƒe vɔsamlekpui dzi elabena ebu be nuwɔna sia aɖe legbasubɔsubɔ ƒe nu vɔ̃wo ɖa le Yudatɔwo kple Yerusalemtɔwo ŋuti.
Le esia megbe la, eyi Manase, Efraim kple Simeon ƒe duwo me, yi keke Naftali ƒe duwo me ke eye wòwɔ nu mawo ke le teƒe mawo hã. Egbã trɔ̃subɔlawo ƒe vɔsamlekpuiwo kple woƒe legbawo gudugudu eye wòmu woƒe aƒeliwo ƒu anyi. Ewɔ nu sia le afi sia afi le Israelnyigba blibo la dzi hafi trɔ yi Yerusalem.
Le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuienyilia me, esi wòɖe nu vɔ̃wo ɖa le anyigba la dzi kple gbedoxɔ la ŋuti vɔ la, etia Safan, Azalia ƒe viŋutsu kple Maaseya, be woanye mɔmefia le Yerusalem. Etia Yoa, Yoahaz ƒe vi be wòanye dua ƒe gadzikpɔla eye wòadzra Yehowa, eƒe Mawu, ƒe gbedoxɔ la ɖo. Eye woyi Nunɔlagã Hilkia gbɔ hetsɔ ga siwo wohe va Mawu ƒe gbedoxɔ me la na. Ga siawo nye ga si Levitɔwo xɔ le gbedoxɔ la ƒe agbowo nu tso ame siwo tso Manase, Efraim kple Israel ƒe akpa bubuawo, Yuda blibo la kple Benyamin kpakple Yerusalemtɔwo si. 10 Ale wotsɔ wo na dɔnunɔla siwo wotia be woakpɔ Yehowa ƒe gbedoxɔ la ƒe dzadzraɖodɔwo dzi. Ame siawo xea fe na dɔwɔla siwo dzra gbedoxɔ la ƒe gbagbãƒewo ɖo. 11 Hekpe ɖe esia ŋu la, wona ga atikpalawo kple gliɖolawo be woaƒle kpe kpakpawo kple atiwo na xɔ siwo Yuda fiawo gble ɖi eye nuwo gblẽ le wo ŋuti.
12 Dɔwɔlawo tsɔ dzo ɖe dɔ la ŋu nɔ Yahat kple Obadiya, ame siwo nye Levitɔwo tso Merari ƒe hlɔ̃ la me la ƒe dzikpɔkpɔ te. Zekaria kple Mesulam tso Kohat ƒe hlɔ̃ la me woe nye xɔtudɔdzikpɔlawo. Levitɔ siwo nya saŋkuƒoƒo la, nɔa saŋku ƒom le esime dɔwɔlawo nɔa dɔ dzi. 13 Levitɔ bubuwo kpɔa agbatetsɔla siwo tsɔa xɔtunuwo yina na xɔtulawo la dzi. Ame bubuwo naa kpekpeɖeŋu abe gakɔntabulawo, dɔdzikpɔlawo kple agbatsɔlawo ene.
Wofɔ Segbalẽ la
14 Gbe ɖeka esi nunɔlagã Hilkia nɔ gbedoxɔ me eye wònɔ ga si wodzɔ le agboawo nu dem agbalẽ me la, ekpɔ Segbalẽ aɖe si me woŋlɔ Yehowa ƒe Se siwo wòde na Mose la ɖo! 15 Hilkia gblɔ na Safan, nuŋlɔla la be, “Mefɔ Segbalẽ la le Yehowa ƒe gbedoxɔ me.” Etsɔe na Safan.
16 Tete Safan tsɔ agbalẽ la yi na fia la eye wògblɔ nɛ be, “Wò dɔnunɔlawo le nu sia nu wɔm le woƒe dɔdeasiwo ŋuti. 17 Wotsɔ ga si nɔ Yehowa ƒe gbedoxɔ la me la de asi na dɔdzikpɔlawo kple dɔwɔlawo.”
18 Safan ƒo nu tso agbalẽ la kple ale si Hilkia fɔe la ŋu eye wòxlẽe na fia la. 19 Esi fia la se nu siwo Se siawo bia tso Mawu ƒe amewo si be woawɔ la, edze eƒe awuwo le dziɖeleameƒo ta. 20 Eɖe gbe Hilkia, Ahikam, Safan ƒe viŋutsu, Abdon, Mika ƒe viŋutsu, nuŋlɔla Safan kple Asaya, fia ƒe subɔla be, 21 “Miyi miabia Yehowa nam kple Israel kple Yuda blibo la tso nu siwo woŋlɔ ɖe agbalẽ si wofɔ la ŋuti. Yehowa trɔ eƒe dɔmedzoe kɔ ɖe mía dzi elabena mía fofowo mewɔ ɖe Yehowa ƒe nyawo dzi o. Womezɔ ɖe nu siwo katã woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me la nu o.”
22 Ale Hilkia kple fia ƒe ame dɔdɔwo yi ɖaƒo nu kple nyɔnu Nyagblɔɖila Hulda si le Yerusalem ƒe akpa yeye. Nyɔnu nyagblɔɖila sia nye Tokhat ƒe viŋutsu Salum srɔ̃. Hasra si dzi Tokhat nye nudodowo dzraɖoƒe dzikpɔla. 23 Egblɔ na wo be, “Nu si Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye, Gblɔ na ame si ɖo wò ɖe gbɔnye la be, 24 ‘Yehowa ƒe gbe enye si: mahe dzɔgbevɔ̃e va teƒe sia kple eƒe amewo dzi. Fiƒode siwo katã woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me si woxlẽ le Yuda fia ƒe ŋkume la, ava eme; 25 Elabena wogbe nu le gbɔnye, wosubɔ mawu bubuwo eye wodo dɔmedzoe nam kple nu siwo wotsɔ woƒe asiwo me la. Nye dɔmedzoe atrɔ akɔ ɖe teƒe sia dzi eye enu matso o.’
26 “Gblɔ na Yuda fia, ame si dɔ wò be nàbia gbe Yehowa be, ‘Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔ tso nya siwo ke nèse la ŋuti. 27 Ke esi miaƒe nu vɔ̃wo ve mi eye miebɔbɔ mia ɖokui le Mawu ƒe ŋkume, esi miese nu siwo wògblɔ tsɔ tsi tsitre ɖe teƒe sia kple eƒe amewo ŋu eye esi miebɔbɔ mia ɖokui le ŋkunye me, miedze miaƒe awuwo eye miefa avi le nye ŋkume le miaƒe nu vɔ̃wo ta la, maɖo to miaƒe kukuɖeɖe. 28 Ke fifia la, àku eye woaɖi wò le ŋutifafa me. Wò ŋkuwo makpɔ dzɔgbevɔ̃e si mahe va afi sia kple ame siwo le afi sia dzi o.’ ” Ale woxɔ eƒe ŋuɖoɖo yi na fia la.
Ale wotsɔ nya sia tso Yehowa gbɔ yi na fia la. 29 Ale fia la yɔ Yuda kple Yerusalem ƒe dumegãwo ƒo ƒu. 30 Eyi Yehowa ƒe gbedoxɔ me kple Yuda kple Yerusalem ƒe ameawo, nunɔlawo kple Levitɔwo, tso ame gblɔetɔwo dzi va se ɖe ame gãtɔwo dzi. Exlẽ Nubabla ƒe Agbalẽ si wofɔ le Yehowa ƒe gbedoxɔ la me nyawo na wo. 31 Fia la tsi tsitre ɖe sɔti la gbɔ le Yehowa ŋkume. Eɖe adzɔgbe na Yehowa be, yeadze eyome, alé eƒe sewo, ɖaseɖiɖiwo, kple ɖoɖowo me ɖe asi kple dzi blibo kple luʋɔ blibo, eye yeawɔ nubabla sia ƒe nya siwo katã woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me la dzi. 32 Ebia tso ame sia ame si nɔ Yerusalem kple Benyamin si be, woanɔ nubabla sia me kple Mawu eye wo katã wolɔ̃ ɖe edzi.
33 Ale Yosia ɖe legbawo katã ɖa le teƒe siwo Israelnyigba katã dzi eye wòbia tso wo katã si be woasubɔ Yehowa, woƒe Mawu la, le eƒe agbenɔɣi mamlɛa katã me; ameawo yi Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu la subɔsubɔ dzi.