8
Salomo ƒe wɔna bubuawo
Le ƒe blaeve megbe esi Solomo tu Yehowa ƒe gbedoxɔ la kple eya ŋutɔ ƒe fiasã la vɔ la, Solomo gbugbɔ kɔƒe siwo Hiram tso nɛ la tu eye wòna Israelviwo yi ɖanɔ wo me. Ɣeyiɣi sia me kee Solomo ho aʋa ɖe Hamat Zoba du la ŋu eye wòɖu edzi. Etso Tadmɔ du la ɖe gbegbe kple du bubuwo ɖe Hamat abe nudzraɖoƒe duwo ene. Eglã Bet Horon du dzigbetɔ kple Bet Horon anyigbetɔ siaa. Eɖo gli ƒo xlã wo, de gakpogbowo kple gametiwo wo nu. Etu Baalat kple nudzraɖoƒe du bubuwo le ɣeyiɣi sia me, etso du siwo me wòda eƒe tasiaɖamwo kple sɔwo ɖo eye wòtu xɔ siwo katã dzroe la ɖe Yerusalem kple Lebanon kple teƒe bubu vovovowo le anyigba si dzi wònye fia ɖo.
Ame siwo katã susɔ le Hititɔwo, Amoritɔwo, Perizitɔwo, Hivitɔwo kple Yebusitɔwo dome (ame siwo menye Israelviwo o), Woawoe nye ame siwo nɔ anyigba la dzi tsã ƒe dzidzimeviwo ame siwo Israelviwo metsrɔ̃ o la. Fia Solomo na wowɔ dɔ abe kluviwo ene abe ale si wòle va se ɖe egbe ene. Ke metsɔ Israelviwo ya wɔ kluviwo o, ke boŋ ena wozu asrafowo, asrafomegãwo, le aʋafiawo, tasiaɖamkulawo dzikpɔlawo kple sɔdolawo nu; 10 hekpe ɖe dziɖuɖu ƒe dɔdzikpɔla alafa eve blaatɔ̃, ame siwo kpɔa dukɔmenyawo katã dzi la ŋu.
11 Solomo kplɔ srɔ̃a si nye Fia Farao ƒe vinyɔnu la dzoe tso Yerusalem ƒe akpa si woyɔna be David ƒe Du la me yi fiasã yeye si wotu nɛ la me elabena egblɔ be, “Mele be srɔ̃nye nanɔ Fia David ƒe fiasã me o elabena Yehowa ƒe nubablaɖaka la nɔ afi ma kpɔ eye wònye teƒe kɔkɔe.”
12 Solomo sa numevɔwo na Yehowa le Yehowa ƒe vɔsamlekpui si wòɖi ɖe akpata si le gbedoxɔ la ŋgɔ la dzi. 13 Wosaa vɔ siawo ɖe gbe sia gbe ƒe hiahiãwo nu abe ale si dze ene, ɖe Dzudzɔgbewo, Dzinu Yeyewo kple ŋkekenyui etɔ̃ siwo woɖuna le ƒea me la nu. Esiawoe nye Abolo Maʋamaʋã ƒe Ŋkekenyui, Kɔsiɖawo ƒe Ŋkekenyui kple Agbadɔ ƒe Ŋkekenyui. 14 Be wòalé fofoa David ƒe ɖoɖowo me ɖe asi la, etia nunɔlawo ɖe woƒe hatsotsowo me hena woƒe dɔdeasiwo wɔwɔ eye Levitɔwo hã be woanɔ ŋgɔ le kafukafuhawo dzidzime eye woakpe ɖe nunɔlaawo ŋu le gbe sia gbe ƒe hiahiãwo nu. Nenema ke wòtia agbonudzɔlawo ɖe woƒe hatsotsowo me hena agbo vovovoawo ŋu dzɔdzɔ elabena esiae David, Mawu ƒe ame la, ɖo da ɖi. 15 Womeda le fia la ƒe sededewo na nunɔlawo alo Levitɔwo dzi le nya aɖeke me o. Nenema kee nye nudzraɖoƒewo ƒe nyawo hã.
16 Wowɔ dɔ siwo katã Solomo de tome be yeawɔ la tso gbe si gbe wòɖo Yehowa ƒe gbedoxɔ la ƒe gɔmeɖokpe anyi va se ɖe esime wowu enu. Ale wowu Yehowa ƒe gbedoxɔ la tutu nu.
17 Solomo yi Ezion Geber kple Elat le Edom ƒuta. 18 Hiram ɖo tɔdziʋu siwo eya ŋutɔ ƒe amewo, ame siwo nya atsiaƒu ŋu dɔ wɔwɔ nyuie la ku la ɖee. Ame siawo kple Solomo ƒe amewo yi Ofir eye wotsɔ sika kilo akpe wuiatɔ̃ vɛ na Fia Solomo.