Rut
ƒe agbalẽ
1
Elimelek kple Naomi ʋu yi Moabnyigba dzi
Le esime ʋɔnudrɔ̃lawo nɔ Israel dzi ɖum la, dɔ va to ɖe anyigba la dzi. Ŋutsu aɖe si tso Efraim ƒe to la me, tso Betlehem le Yudanyigba dzi la ʋu kple srɔ̃a kple viawo yi ɖanɔ Moabnyigba dzi. Ŋutsu la ŋkɔe nye Elimelek, srɔ̃a ŋkɔe nye Naomi, eye wo viŋutsu eveawo ŋkɔwoe nye Maxlon kple Kilion. Wonye Efraimtɔwo tso Betlehem, Yuda heʋu va Moabnyigba dzi, eye wonɔ afi ma.
Elimelek, Naomi srɔ̃ ku, eye wòsusɔ Naomi kple via ŋutsu eveawo. Viŋutsu eve siawo ɖe Moab nyɔnuwo; ɖeka ŋkɔe nye Orpa, eye evelia ŋkɔe nye Rut. Esi wonɔ afi ma abe ƒe ewo ene la, Maxlon kple Kilion hã ku, ale wòsusɔ wo dada Naomi ko; srɔ̃ kple vi aɖeke meganɔ esi o.
Rut ku ɖe lɔ̃xoa Naomi ŋu
Azɔ Naomi ɖoe be yeatrɔ ayi ɖe aƒe le Israelnyigba dzi, elabena ese le Moab be Yehowa gave Israelviwo nu, ale be woƒe agblemenukuwo ganyo. Eya ta eya kple lɔ̃xoyɔvi eveawo dzra ɖo hedze mɔ ɖo ta aƒe.
Ke esi wonɔ mɔa dzi yina la, Naomi trɔ eƒe susu, eye wògblɔ na lɔ̃xoyɔvi eveawo be, “Mitrɔ miayi aƒe le mia dzilawo gbɔ. Yehowa nave mia nu abe ale si miewɔ nyui na mia srɔ̃wo kple nye ŋutɔ ene. Yehowa ŋutɔ nana be mia dometɔ ɖe sia ɖe nakpɔ dzidzeme le srɔ̃ŋutsu bubu ƒe aƒe me.”
Naomi gbugbɔ nu na wo, eye wofa avi hehehe. 10 Wogblɔ na Naomi be, “Míakplɔ wò ɖo ayi wò ƒometɔwo gbɔ.”
11 Ke Naomi gblɔ na wo be, “Vinyenyɔnuwo, mitrɔ dzo. Nu ka ta miayi kplim ɖo? Ɖe mate ŋu adzi viŋutsuwo na mi miaɖea? 12 Vinyenyɔnuwo, mitrɔ yi miaƒe aƒe me. Ne mesusu be mɔkpɔkpɔ gale asinye, eye meɖe srɔ̃ zã sia me, eye medzi viŋutsuwo hã la, 13 ɖe mialala va se ɖe esime woatsia? Ɖe mianɔ anyi srɔ̃maɖemaɖee va se ɖe ɣe ma ɣia? Ao, vinyenyɔnuwo, ele veyem na mi wu miawo ŋutɔ gɔ̃ hã, elabena Yehowa do asi ɖe gbɔnye!”
14 Wogade asi avifafa me. Orpa gbugbɔ nu na lɔ̃xoa hedo hedenyui nɛ, eye wòtrɔ yi aƒe me, ke Rut ya lé ɖe lɔ̃xoa ŋu.
15 Ale Naomi gblɔ nɛ be, “Rut, atsuwòsi trɔ yi eƒe amewo kple eƒe mawuwo gbɔ; wò hã, trɔ nàyi aƒe me kplii.”
16 Rut ɖo eŋu be, “Mègaƒoe ɖe nunye be magblẽ wò ɖi alo matrɔ le yowòme o. Afi si nàyi la, afi mae mayi, eye afi si nànɔ la, afi mae manɔ. Wò dukɔ anye nye dukɔ, eye wò Mawu anye nye Mawu. 17 Afi si nàku ɖo la, afi mae maku ɖo, eye afi mae woaɖim ɖo. Yehowa nefiam, ne wòagafiam ɖe edzi. Naneke mama nye kple wò dome o, negbe ku ko.”
18 Esi Naomi kpɔ be Rut ɖo kplikpaa be yeayi kpli ye la, edzudzɔ nyaƒoƒo ɖe enu, 19 ale woyi mɔzɔzɔa dzi va se ɖe esime woɖo Betlehem. Zi ƒo le du blibo la me. Nyɔnuwo bia be, “Naomi nye esia nyateƒea?”
20 Naomi ɖo eŋu be, “Migayɔm azɔ be Naomi o. Naomi gɔmee nye dzidzɔnu. Miyɔm azɔ be Mara. Mara gɔmee nye vevesese, elabena Aƒetɔ Mawu, Ŋusẽkatãtɔ la na nye agbenɔnɔ zu vevesese sɔŋ. 21 Nu geɖewo nɔ asinye esi medzo le afi sia, ke Yehowa na metrɔ gbɔ kple asi ƒuƒlu. Nu ka ta miayɔm be Naomi esime Yehowa Ŋusẽkatãtɔ trɔ megbe dem, eye wòna fukpekpe va dzinye ɖo?”
22 Ale Naomi kple lɔ̃xoyɔvia Rut, Moab nyɔnu la gbɔ tso Moabnyigba dzi. Wova ɖo Betlehem le nuŋeɣi la ƒe gɔmedzedze.