3
Ɣeyiɣi li na nu sia nu
Ɣeyiɣi li na nu sia nu,
eye azã li na tameɖoɖowo katã le dziƒoa te.
 
Amedziɣi li, eye kuɣi li.
Nudoɣi li, eye nuxaɣi li.
Amewuɣi li, eye gbedaɣi li.
Nugblẽɣi li, eye nudzraɖoɣi li.
Avifaɣi li, eye nukoɣi li.
Konyifaɣi li, eye ɣeɖuɣi li.
Kpekakaɣi li, eye kpeƒoƒuɣi li.
Asikplakɔɣi li, eye asiɖelekɔɣi li.
Nudiɣi li, eye nubuɣi li.
Nudzraɖoɣi li, eye nuƒugbeɣi li.
Nuvuɣi li, eye nutɔɣi li.
Ɖoɖoeziɣi li, eye nuƒoɣi li.
Lɔlɔ̃ɣi li, eye fuléɣi li.
Aʋawɔɣi li, eye ŋutifafawɔɣi li.
Nu ka tututu amegbetɔ kpɔna tso dɔ sesẽ wɔwɔ me? 10 Mebu ta me tso nu sia ŋu tso dɔ vovovo siwo Mawu tsɔ na amegbetɔ la ŋu. 11 Nu sia nu sɔ ɖe eya ŋutɔ ƒe ɣeyiɣi dzi. Ke, togbɔ be Mawu de mavɔmavɔnyenye ta me na amegbetɔ hã la, amegbetɔ mate ŋu akpɔ Mawu ƒe dɔ blibo la tso gɔmedzedzea va se ɖe nuwuwu o, 12 eya ta metso nya la me be gbã la, nu si ƒo nuwo katã tae nye be amegbetɔ nakpɔ dzidzɔ, eye wòaɖu agbe ŋkeke ale si wòate ŋui; 13 evelia la, ele be wòaɖu nu, ano nu eye wòaɖu agbe kple nu siwo do tso eƒe dagbadagbawo me elabena esiawoe nye nunana tso Mawu gbɔ. 14 Eye menya esia be nu sia nu si Mawu wɔ la, tɔtrɔ aɖeke meganɔa eŋu o, womate ŋu atsɔ naneke akpee o eye womate ŋu aɖe naneke le eme hã o. Mawu ƒe taɖodzinu le nya sia mee nye be ele be amegbetɔ navɔ̃ Mawu, Ŋusẽkatãtɔ la.
15 Nu sia nu si li fifia la,
nɔ anyi tso keke gbe aɖe gbe ke
eye nu sia nu si ava dzɔ la,
dzɔ kpɔ va yi xoxo.
Mawu gatrɔa nu si dzɔ kpɔ xoxo la vanɛ.
16 Hekpe ɖe esia ŋu la,
mede dzesii be,
le anyigba blibo la dzi la,
dzɔdzɔenyenye le bubum,
nu vɔ̃ wɔwɔ le dzɔdzɔenyenyeteƒe xɔm
eye zãnuxɔxɔ le ʋɔnudrɔ̃ƒewo gɔ̃ hã.
17 Megblɔ na ɖokuinye be,
“Ne azã la su ko la,
Mawu ahe nu sia nu si ame aɖe wɔna,
nyui kple vɔ̃ siaa ayi ʋɔnue.”
18 Le esia megbe la, medze sii be, “Mawu le mɔ ɖem be xexea me nalé eƒe nu vɔ̃ mɔ atsɔ, ale be yeate ŋu ado amegbetɔƒomea kpɔ, eye amegbetɔwo ŋutɔ nakpɔe be yewole abe gbemelãwo ene. 19 Elabena amegbetɔwo kple lãwo siaa gbɔa ya ɖeka ma ke eye wo ame eveawo siaa kuna. Ale amegbetɔwo tɔ menyo wu lãwo tɔ o. Esia hã nye tofloko! 20 Wo katã yia teƒe ɖeka ma, si nye anyi si me wotso kple esi ke woagatrɔ azu, 21 elabena ame ka ate ŋu aɖee fia bena, amegbetɔ ƒe gbɔgbɔ ɖoa ta dzi, ke lãwo tɔ ya ɖoa ta anyi, gena ɖe tome?”
22 Eya ta mekpɔe be nu si nyo na amegbetɔ wu lae nye be wòakpɔ dzidzɔ le eƒe dɔwɔwɔ me. Elabena eya tae wòle afi sia ɖo, eye ame aɖeke magate ŋu agbugbɔe va agbe sia me, wòakpɔ dzidzɔ le nu siwo ava va la ŋu o. Eya ta ele be wòakpɔ dzidzɔ le wo ŋu fifia.