4
Teteɖeto, agbagbadzedze kple xɔlɔ̃ ƒe ame si manɔmanɔ
Emegbe la, melé ŋku ɖe ameteteɖeanyi siwo katã le xexea me la ŋu.
Mekpɔ ame siwo wote ɖe anyi la ƒe aɖatsiwo;
kpeɖeŋutɔ aɖeke meli na wo o,
le esime kpeɖeŋutɔ siwo nye ŋusẽtɔwo la
le ameteɖeanyilawo ƒe akpa dzi.
Ale mebu be ame kukuwo tɔ
nyo sãa wu agbagbeawo tɔ
eye ame siwo nye dzɔgbenyuitɔwo wu la,
woawoe nye ame siwo womedzi o
eye womekpɔ vɔ̃ɖivɔ̃ɖi
kple nu vɔ̃ siwo xɔ xexea me katã la kpɔ o.
Megadze sii hã be nu si dɔa amewo ɖa be woaku kutri awɔ dɔ hena dzidzedzekpɔkpɔ la tso ŋubiabiã ɖe amehavi ŋu gbɔ. Ke esia hã nye bometsitsi kple dagbadagba ɖe yame ko.
Bometsila bla asi ɖe akɔnu
eye wògblẽ eɖokui dome.
Nu asiʋlo ɖeka si ŋuti ŋutifafa
le la nyo wu nu asiʋlo eve si ŋuti sreɖidzedze
kple dagbadagba ɖe yame kpe ɖo.
Megalé ŋku ɖe movidzɔdzɔ tɔgbi aɖe si le xexea me godoo la hã ŋu.
Nu sia ku ɖe ŋutsu aɖe si si
viŋutsu alo vinyɔnu aɖeke mele o la ŋu,
ke ŋutsu sia wɔa dɔ sesĩe matsomatsoe,
eye wòƒoa kesinɔnuwo nu ƒu.
Ame kae wòagblẽ nu siawo katã ɖi na?
Nu ka ta wòle nu gbem le eɖokui gbɔ nenema?
Viɖe aɖeke kura mele eme o.
 
Ame eve ate ŋu awɔ dɔ wu ame ɖeka
ƒe dɔwɔwɔ ƒe teƒe eve
elabena woƒe nukpɔkpɔ anyo sãa wu.
10 Ne ɖeka dze anyi la, evelia afɔe,
ke ne amea nye ɖeka eye wòdze anyi la,
egena ɖe fukpekpe me.
11 Hekpe ɖe esia ŋu la,
ame eve siwo tsyɔ kundru ɖeka
le vuvɔŋɔli le zã me la
kpɔa dzoxɔxɔ tso wo nɔewo gbɔ,
ke aleke ame ɖeka ate ŋu
ade dzo lãme na eɖokui?
12 Gawu la, woate ŋu aɖu ame ɖeka dzi bɔbɔe
gake ame eve ate ŋu anɔ akpa ɖeka eye woaɖu dzi.
Nu si ganyo wu esiae nye, ame etɔ̃ nanɔ akpa ɖeka
elabena ka si wotsɔ ka sue etɔ̃ lɔ̃e la menya lãna bɔbɔe o.
Dzidzedzekpɔkpɔ hã toflokoe
13 Enyo be ame nanye ɖekakpui nyanu si da ahe wu be wòanye fia tsitsi aɖe si nye bometsila, eye wògbea aɖaŋu ɖe sia ɖe xɔxɔ. 14 Ɖekakpui ma tɔgbi ate ŋu ado go le gaxɔ me eye xexea me adze edzi nɛ. Ate ŋu aɖu fia gɔ̃ hã togbɔ be wodzii ɖe ahedada me hã. 15 Ame sia ame tsia dzi be yeakpe ɖe ɖekakpui ma tɔgbi ŋu, woadi be yewoakpe ɖe eŋu wòaxɔ fiazikpui la sesẽtɔe gɔ̃ hã. 16 Ate ŋu azu kplɔla na ame akpe akpewo eye ame sia ame alɔ̃e. Ke ne dzidzime yeye la me viwo va tsi la, woɖenɛ le fiazikpui la dzi! Ale esia hã ganye bometsitsi kple dagbadagba ɖe yame ko.