6
Ke meganya nu tso nya sesẽ aɖe ŋu le afi sia afi. Nya siae nye Mawu tsɔ kesinɔnu geɖe kple bubu na ame aɖewo, ale be woate ŋu akpɔ nu sia nu si wodi la, ke mena lãmesesẽ wo be woaɖu agbe kple nu siawo o. Wokuna, eye ame bubuwo sãa xɔa kesinɔnu siawo katã! Nu sia nye nu masɔmasɔ, tofloko kple vodada gã aɖe.
Ne viŋutsu alafa ɖeka kple vinyɔnu alafa ɖeka anɔ ame aɖe si, eye wòatsi axɔ ƒe geɖe, gake ga si wòagblẽ ɖi hafi aku la le sue ale gbegbe be viawo mate ŋu aɖii, ade bubu eŋu o la, mele egblɔm be anyo nɛ wu ne eku le eƒe dzigbe, elabena togbɔ be eƒe dzidzi anye tofloko le ɣe ma ɣi, eye wòawu enu le viviti me, eye womatsɔ ŋkɔ nɛ gɔ̃ hã o, makpɔ ɣe kpɔ o, eye manya be ɣe li gɔ̃ hã o la, anyo nɛ alea sãa wu be wòava zu amegãɖeɖi si makpɔ dzidzɔ aɖeke o. Ne ame aɖe anɔ agbe ƒe akpe ɖeka zi eve gake makpɔ dzidzeme aɖeke o la, ekema viɖe kae le eƒe agbenɔnɔ ŋu?
Ame ƒe sreɖidzedzewo katã ku ɖe eƒe nuɖuɖu ko ŋu,
ke meɖia ƒo ɣe aɖeke ɣi o.
Nu kae nunyala tsɔ nyo wu bometsila?
Viɖe kae ame dahe kpɔna ne enya
ale si wòalé eɖokui le amewo ŋkume?
Nukpɔkpɔ kple ŋku nyo wu nudzroame
ƒe tsaglalãtsatsa le susu me.
Drɔ̃ekuku dzodzro le nu nyuiwo ŋu nye bometsitsi
eye wòganye dagbadagba ɖe yame ko.
 
10 Dzɔgbesee ɖoa nu sia nu dana ɖi;
woɖo nu sia nu si ame ava zu la da ɖi xoxo
eya ta viɖe aɖeke mele nyahehe
kple Mawu tso ale si wòwɔ wo la ŋu o.
11 Ne wò nyawo sɔ gbɔ la,
gɔmesese geɖe manɔ wo ŋu o,
ekema nu ka ta nàɖe fu na
ɖokuiwò be yeaƒo nu kura?
12 Le míaƒe agbemeŋkeke ʋɛ siawo me la, ame ka ate ŋu agblɔ ale si ame nawɔ eƒe ŋkekewo ŋu dɔ nyuie? Ame ka ate ŋu anya nu si ava nye nyuitɔ le ŋgɔgbea ne amea nu va yi? Elabena ame kae nya etsɔ me?