5
Vɔ̃ Mawu
Ne èle gegem ɖe gbedoxɔ me la, ke wò towo ɖi eye nàmia wò nu! Mèganye bometsila si menyana gɔ̃ hã be enye nu vɔ̃ be nàɖe adzɔgbe na Mawu tamemabumabutɔe o,
Wò nu megatsɔ blablabla o,
eye wò dzi megatsɔ ne wòaƒo nu le Mawu ŋkume o,
elabena Mawu le dziƒo ke,
le esime wò ya nèle anyigba dzi le afii
eya ta mègaƒo nu blablabla o.
Abe ale si hloloetsotso fũu akpa nana
wokua drɔ̃e vɔ̃wo ene la,
nenema kee bometsitsi nana
woƒoa nukpoloe.
Eya ta ne èɖe adzɔgbe na Mawu be yeawɔ nane la, mègahe nua wɔwɔ ɖe megbe o, elabena Mawu mekpɔa dzidzɔ le bometsilawo ŋu o. Wɔ wò adzɔgbeɖeɖe dzi nɛ. Ne èzi kpi, mèdo ŋugbe be yeawɔ nane o la, enyo sãa wu be nàdo ŋugbe be yeawɔ nane eye nàgbe ewɔwɔ. Mègana wò nu nakplɔ wò de nu vɔ̃ me o eye mègagblɔ na dɔtsɔla si le gbedoxɔ me be, “Vodadae nye nye adzɔgbeɖeɖe” o. Nu ka ta Mawu ado dɔmedzoe le nya si nègblɔ ta eye wòagblẽ nu si nèwɔ kple asi? Gɔmesese mele drɔ̃ekuku geɖewo kple nya sɔgbɔwo me o eya ta nɔ anyi le Mawuvɔvɔ̃ me.
Kesinɔnuwo hã nye tofloko
Ne èkpɔ wole ame dahe aɖe tem ɖe to eye womedrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe nɛ o le teƒe aɖe le anyigba blibo la dzi la, mègana wòawɔ nuku na wò o elabena amegã ɖe sia ɖe le tatɔ aɖe te eye ame bubuwo gale tatɔawo hã tame. Fia la le ame siawo katã tame. Oo, ɖe woakpɔ fia aɖe wòatsɔ eɖokui aɖo anyi ɖe dukɔa ƒe nyonyo ta hafi. Eya koe ate ŋu ahe ɖoɖo ade tɔtɔ sia me.
10 Ame si lɔ̃a ga la,
makpɔ ga wòasɔ gbɔ nɛ,
adze eŋu gbeɖe o.
Enye bometsitsi be ame nabu be
kesinɔnuwoe naa dzidzɔkpɔkpɔ ame!
 
11 Ale si nèkpɔ ga wòsɔ gbɔe la,
nenema tututue wò gaŋudɔwɔwɔ hã anɔ;
ekema nu nyui kae le gakpɔkpɔ ŋu?
Ɖewohĩ nu nyui si le gakpɔkpɔ ŋu
koe nye nàkpɔ ga la wòaƒu du ato wò
asibidɛwo dome adzo le gbɔwò!
 
12 Ame dahe si wɔa dɔ sesĩe la,
dɔa alɔ̃ nyuie ne eɖu nu sue aɖe
alo ne eɖu nu fũu, ke kesinɔtɔwo ya tsia dzimaɖi
eye womekpɔa alɔ̃ dɔna o.
13 Mekpɔ nu vɔ̃ɖi gã aɖe le ɣea te:
eyae nye kesinɔnu si woli kɔe da
ɖi wòva zu nuveviwɔame na nutɔ
14 alo kesinɔnu si wobu to dzɔgbevɔ̃e me,
ale be ne viŋutsu le amea si la,
naneke matsi anyi na viŋutsu la o.
15 Ame si ɖoa ŋu ɖe dɔwɔna sia tɔgbi ŋu la,
trɔna kaba yia ahedada me,
afi si wòdze dɔa gɔme tsoe.
16 Abe ale si megblɔ do ŋgɔ ene la:
Nya sia nye nya sesẽ aɖe,
elabena amea ƒe dagbadagba sia katã va zua
tofloko kple ayadɔwɔwɔ ko.
Eƒe nuwo katã buna.
17 Eƒe gome le eƒe agbemeŋkeke mamlɛawo katã me la
zua viviti, dziɖeleameƒo, dadaƒu kple dɔmedzoedodo.
18 Ke nu ɖeka pɛ ya nyo, eyae nye wòaɖu nu nyuie, ano wain kɔŋkɔ gã ɖeka, ana eƒe ɖoƒe le agbe me nadze eŋu eye wòana dɔ sia dɔ si wòwɔna la nado dzidzɔ nɛ to ɣeyiɣi si me Mawu ana wòanɔ agbe la me. 19 Gawu la, ne Mawu na kesinɔnuwo kple nunɔamesiwo ame aɖe eye wòna amenuvevee be wòaɖui, axɔ nu si nye etɔ gome eye wòakpɔ dzidzɔ le eƒe dɔwɔwɔ me la, nunanae wònye tso Mawu gbɔ. 20 Ƒãa hafi wòbua eƒe agbemeŋkekewo ŋu. Mawu naa eƒe susu nɔa dzidzɔ si le eƒe dzi me la ŋu ɣeawo katã ɣi.