15
Yerusalem, wainka si ŋu viɖe aɖeke mele o
Yehowa ƒe nya va nam be, “Ame vi, aleke wainka nyo wu avemeti ƒe alɔe? Ɖe wokpɔa ati si woatsɔ awɔ nu si ŋu ŋudɔwɔnu aɖe le la le emea? Ɖe wowɔa tsyoti tso eme ne woate ŋu atsɔ nane aku ɖe eŋua? Eye ne wotsɔe de dzo me abe nake ene la, dzo la bina tso eƒe nugbɔ eve, eye wofiaa eƒe domedome, ekema ɖe ŋudɔwɔnu aɖe gale eŋua? Ne womete ŋu wɔ eŋu dɔ na naneke esime wònɔ blibo o la, aleke woate ŋu awɔ eŋu dɔ azɔ awɔ nane si ŋu ŋudɔwɔnu le esime dzo bii, eye wòzu aka?
“Eya ta aleae Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: ‘Ale si metsɔ wainti de avemetiwo dome abe nake ene la, nenema kee mawɔ ame siwo le Yerusalem. Mana nye mo nanyra ɖe wo ŋu. Togbɔ be wodo le dzoa me hã la, dzo la agabi wo kokoko. Eye ne mena nye mo nyra ɖe wo ŋu hã la, mianya be, nyee nye Yehowa. Mana anyigba la nazu gbegbe, elabena wogbugbɔ le yonyeme.’ Aƒetɔ Yehowae gblɔe.”