16
Ŋutinya si wotsɔ sɔ kple Yerusalem ƒe anukwaremaɖimaɖi
Yehowa ƒe nya va nam be, “Ame vi, ɖe Yerusalem ƒe ŋunyɔnuwɔwɔwo fiae. Eye nàgblɔ nɛ be, ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ na Yerusalem nye si; ‘Wò dzɔtsoƒe kple wò dzidzi nɔ Kanaantɔwo ƒe anyigba dzi. Mia fofo nye Amoritɔ, eye mia dada nye Hititɔ. Gbe si gbe wodzi wò la, wometso wò ƒoƒonika, alo le tsi na wò be wò ŋuti naɖi, alo si dze ɖe ŋuwò alo xatsa avɔ ɖe ŋutiwò o. Ame aɖeke mekpɔ nublanui na wò, ale be woawɔ nu siawo na wò o; ke boŋ wotsɔ wò ƒu gbe ɖe gbedadaƒo, elabena gbe si gbe wodzi wò la, wodo vlo wò.’
“Esi metso eme va yina la, mekpɔ wò nènɔ afɔ dam le wò ʋu me. Esi nènɔ wò ʋu me la, megblɔ na wò be, ‘Tsi agbe.’ Mena nètsi abe ati si le gbedzi ene. Ètsi eye nètrɔ zu kpe xɔasi dzeanitɔ abe ɖetugbi vavã aɖe ene. Ète no, ɖa to mlɔmlɔmlɔ ɖe wò ame si nɔ ƒuƒlu la ŋu.
“Emegbe la, metso eme va yi, eye esi mekpɔ be ètsi na srɔ̃ɖeɖe la, mekeke nye awu to ɖe dziwò, eye metsyɔ nu wò amama. Meka atam na wò, mebla nu kpli wò, eye nèzu tɔnye. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.
“Mele tsi na wò, klɔ ʋu ɖa le ŋuwò, eye mesi ami na wò. 10 Meta avɔ ŋɔŋɔe na wò, eye medo afɔkpa na wò. Medo aklalawu nyuitɔ kple awu xɔasitɔ na wò. 11 Metsɔ kpe xɔasinuwo ɖo atsyɔ̃ na wò. Medo abɔgɛ ɖe abɔ na wò, eye medo kɔga ɖe kɔ na wò; 12 medo ŋɔtigɛ ɖe ŋɔti na wò, medo togɛwo ɖe to na wò, eye meɖɔ fiakuku dzeani aɖe na wò. 13 Ale wotsɔ sika kple klosalo ɖo atsyɔ̃e na wò. Wò avɔwo nye aklala biɖibiɖi, seda kple avɔ ŋɔŋɔe. Wò nuɖuɖu nye wɔ memee, anyitsi kple amitime. Èva dze tugbe ŋutɔ, eye nèyi dzi va zu fianyɔnu. 14 Wò ŋkɔ de dzi kaka ɖe dukɔwo dome le wò tugbedzedze ta, elabena atsyɔ̃ si meɖo na wò la na wò tugbedzedze de blibo. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.
15 “Ke èɖo ŋu ɖe wò tugbedzedze ŋu, eye nèwɔ wò ŋkɔxɔxɔ ŋu dɔ hezu gbolo. Ènyoa dɔ me na ame sia ame si tsoa eme va yina, eye wò tugbedzedze zua etɔ. 16 Ètsɔ wò avɔ aɖewo wɔ nuxeƒewo, eye nèwɔa gbolo le afi ma. Nu siawo madzɔ, eye womava eme hafi o. 17 Ètsɔ nu dzeani siwo mena wò, nu siwo wotsɔ nye sika kple klosalo wɔe la wɔ ŋutsulegbawo na ɖokuiwò, eye nèwɔ gbolo kpli wo. 18 Ètsɔ wò avɔ ŋɔŋɔewo tsyɔ na wo, eye nètsɔ nye ami kple dzudzɔʋeʋĩdonuwo ɖo woƒe ŋkume. 19 Kpe ɖe esiawo ŋu la, nuɖuɖu siwo mena wò, siwo nye wɔ memee, ami kple notsi abe wò nuɖuɖu ene la, ètsɔ wo ɖo woƒe ŋkume abe vɔsa ʋeʋĩ lilili ene. Esiae va eme. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.
20 “Eye nètsɔ viŋutsu kple vinyɔnu siwo nèdzi nam la sa nuɖuvɔ na legbawo. Wò gbolowɔwɔ ɖeɖe mesɔ gbɔ oa? 21 Èwu vinyewo, eye nètsɔ wo sa vɔe na legbawo. 22 Le wò ŋunyɔnuwo katã kple gbolowɔwɔ me la, mèɖo ŋku wò ɖetugbimeŋkekewo dzi, esime nènɔ amama kple ƒuƒlu, eye nènɔ afɔ dam le wò ʋu me la dzi o.
23 “Babaa! Babaa na wò! Aƒetɔ Yehowae gblɔe. Kpe ɖe wò ŋutasẽnu bubuwo katã ŋuti la, 24 ètu trɔ̃xɔ gãwo ɖe ablɔ gãwo me na ɖokuiwò kple nuxeƒe ɖe ƒuƒoƒe ɖe sia ɖe. 25 Ètu wò nuxeƒewo ɖe ablɔ ɖe sia ɖe ƒe seƒe, èɖi gbɔ̃ wò tugbedzedze to wò ŋutilãtsɔtsɔ na ame sia ame si va yina to gbolowɔwɔ vivivo me. 26 Èwɔ gbolo kple Egiptetɔwo, wò aƒelika gbegblẽwo, eye nèdo dɔmedzoe nam kple wò gbolowɔwɔ si le edzi yim wu tsã. 27 Ale mekɔ nye alɔ dzi ɖe ŋuwò, eye meɖe wò anyigba ƒe lolome dzi kpɔtɔ. Metsɔ wò de asi na wò futɔwo ƒe ŋukeklẽ, Filistitɔwo ƒe nyɔnuviwo, ame siwo wò ŋukpenanuwɔnawo wɔ nuku na. 28 Èwɔ gbolo kple Asiriatɔwo hã, elabena dzodzro mevɔ le mewò o, eye le esia megbe gɔ̃ hã la, meɖi kɔ na wò o. 29 Ale nèyi gbolowɔwɔ dzi wu, eye wòlɔ asitsalawo ƒe anyigba, Babilonia ɖe eme. Ke esia gɔ̃ hã meɖi kɔ na wò o.”
30 Aƒetɔ Yehowa gblɔ be, “Aleke ɖokuidzimaɖumaɖu xɔ mewò ale, esime nèwɔ esiawo katã abe gbolo dzimesesẽtɔ ene! 31 Esi nètu wo trɔ̃xɔwo ɖe ablɔ ɖe sia ɖe nu, eye nèɖo wò nuxeƒe kɔkɔwo ɖe ƒuƒoƒe ɖe sia ɖe la, mèɖi gbolo aɖeke o, elabena èdo vlo gbologaxɔxɔ.
32 “Wò, srɔ̃nyɔnu, ahasitɔ! Amedzrowo dzea ŋuwò wu srɔ̃wò! 33 Gbolo ɖe sia ɖe xɔa ga, gake wò ya ènaa nu ŋutsu siwo nèwɔa gbolo kplii la katã, ènaa zãnu wo ale be woatso afi sia afi ava wɔ ahasi kpli wò. 34 Ale le wò gbolowɔwɔ me la, mèle abe ame bubuawo ene o: ŋutsu aɖeke metia yowòme o. Mèle abe gbolo bubuawo ene o, elabena wò ya èxea fe na ŋutsuawo, eye ŋutsuawo menaa naneke wò o.
35 “Eya ta wò gbolo, se Yehowa ƒe nya. 36 Nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye, ‘Esi nètsɔ wò kesinɔnuwo na la, èna ŋutsuwo kpɔ wò amame le wò gbolowɔwɔ me, eye le wò ŋukpenalegbawo katã ta kple esi nètsɔ viwòwo ƒe ʋu na wo ta la, 37 mele ƒu ƒo ge wò ahiãviwo katã, ame siwo mia kpli wo mieɖu vivi kple esiwo nèlé fui siaa, maƒo ƒu wo ɖe ŋuwò tso teƒe siwo katã ƒo xlã wò. Maɖe amama wò le woƒe ŋkume, eye woakpɔ wò amama blibo la. 38 Mana nyɔnu ahasitɔwo kple esiwo kɔa ʋu ɖi la ƒe tohehe nava dziwò. Mana nye dziku ƒe hlɔ̃biabia ɖe ʋu ta kple nye ŋuʋaʋã ƒe dɔmedzoe nava dziwò. 39 Ekema matsɔ wò ade asi na wò ahiãviawo, eye woagbã wò trɔ̃xɔwo kple nuxeƒe kɔkɔwo. Woaɖe wò awuwo le ŋuwò, woaxɔ wò sikanu dzeaniwo, eye woagblẽ wò ɖi nànɔ amama, anɔ ƒuƒlu. 40 Woana ame aɖewo natso ɖe ŋuwò. Ame siawo aƒu kpe wò, eye woafli wò kple woƒe yiwo. 41 Woatɔ dzo wò aƒewo, eye woahe to na wò le nyɔnu geɖewo ŋkume. Matsi wò gbolowɔwɔ nu, eye màgaxe fe na wò ahiãviwo o. 42 Ekema nye dziku ɖe ŋuwò nu abɔbɔ, eye nye ŋuʋaʋã ƒe dɔmedzoe aɖe ɖa le ŋuwò. Manɔ anyi bɔkɔɔ: nyemagado dɔmedzoe o.’
43 “Esi mèɖo ŋku wò ɖetugbimeŋkekewo dzi o, ke boŋ nètsɔ nu siawo do dziku nam ta la, mahe nu siwo nèwɔ la va wò ta dzi kokoko. Aƒetɔ Yehowae gblɔe. Ɖe mètsɔ ŋukpenanuwɔwɔ kpe ɖe wò ŋunyɔnuwɔwɔwo ŋu oa?
44 “Ame sia ame si doa lo la, ado lo sia tso ŋuwò, ‘Ale si vinɔ le la, nenemae via nyɔnu hã nɔna.’ 45 Vavã ènye dawò, ame si do vlo srɔ̃a kple viawo la ƒe vinyɔnu, eye vavã, ènye nɔvinyɔnu na nɔviwò nyɔnuwo, ame siwo do vlo wo srɔ̃ŋutsuwo kple wo viwo. Dawò nye Hititɔ, eye fofowò nye Amoritɔ. 46 Nɔviwò nyɔnu tsitsitɔe nye Samaria, ame si nɔ wò anyiehe gome kple via nyɔnuwo. Nɔviwò nyɔnu ɖevitɔ, ame si nɔ miaƒe dziehe lɔƒo kple via nyɔnuwo la nye Sodom. 47 Mienɔ agbe abe woawo ene ɖeɖe ko o, eye miewɔ woƒe ŋukpenanuwo hã ko o, ke boŋ le miaƒe wɔnawo katã me la, èwɔ nu vlowo wu woawo gɔ̃ hã. 48 Aƒetɔ Yehowae gblɔ be, ‘Zi ale si mele agbe la, nɔviwò nyɔnu Sodom kple via nyɔnuwo mewɔ nu si wò kple viwò nyɔnuwo miewɔ o.’
49 “Kpɔ ɖa, nɔviwò nyɔnu, Sodom ƒe nu vɔ̃e nye, eya kple via nyɔnuwo dana, ɖua nutsu, naneke mekaa wo o. Womekpena ɖe ame dahewo kple hiãtɔwo ŋu o. 50 Ale wodo wo ɖokuiwo ɖe dzi, eye wowɔ ŋukpenanuwo le nye ŋkume. Eya ta meɖe wo ɖa abe ale si miekpɔe ene. 51 Samaria mewɔ nu vɔ̃ siwo nèwɔ la ƒe afã o. Èwɔ ŋukpenanuwo wu woawo, eye miena mia nɔvinyɔnuwo dze ame dzɔdzɔewo to nu siwo katã nèwɔ la me. 52 Eya ta de ta wò ŋukpe te, elabena ètso afia na nɔviwò nyɔnuawo. Esi wò nu vɔ̃wo vɔ̃ɖi wu woawo tɔ ta la, wodze ame dzɔdzɔewo wu wò.
53 “ ‘Ke magaɖo Sodom kple via nyɔnu ƒe dzɔgbenyui te, kpe ɖe Samaria kple via nyɔnuwo tɔ kple wò ŋutɔ tɔ hã ŋu, 54 ale be nàtsɔ wo vlodoame, eye ŋu nakpe wò le nu siwo katã nèwɔ hena akɔfafa na wo ta. 55 Eye nɔviwò nyɔnuwo, Sodom kple via nyɔnuwo kple Samaria kple via nyɔnuwo woagatrɔ azu nu siwo wonye tsã, eye wò kple viwòwo hã miagatrɔ azu nu siwo mienye kpɔ. 56 Màyɔ nɔviwò nyɔnu Sodom ƒe ŋkɔ le wò dadaɣi, 57 hafi woava klo nu le wò vɔ̃ɖivɔ̃ɖi ŋu o. Azɔ la, èzu Edom ƒe vinyɔnuwo kple ame siwo ƒo xlã wo kple Filistitɔwo ƒe vinyɔnuwo ƒe vlodonu, ame siwo katã ƒo xlã wò, eye wodo vlo wò. 58 Àde ta wò ŋukpenanuwɔnawo kple wò ŋunyɔnuwo ƒe yomedzenu te.’ ” Yehowae gblɔe.
59 “Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si, ‘Matu nu kple wò abe ale si dze wò ene, elabena èdo vlo nye atam to nye nubabla tutu me. 60 Ke maɖo ŋku nubabla si mewɔ kpli wò le wò ɖetugbimeŋkekewo me la dzi, eye mawɔ nubabla mavɔ kple wò. 61 Ekema àɖo ŋku wò mɔwo dzi, eye ŋu akpe wò ne èkpɔ nɔviwò nyɔnu siwo tsi wu wò kple esiwo nètsi wu hã. Matsɔ wo ana wò abe viwò nyɔnuwo ene, gake menye ɖe nubabla si mewɔ kple wò la dzi o. 62 Ale mabla nu kple wò, eye nànya be nyee nye Yehowa. 63 Ekema ne metsɔ nu vɔ̃ siwo katã nèwɔ ke wò la, àɖo ŋku edzi, eye ŋu akpe wò, màgake nu azɔ o le wò ŋukpe ta.’ Aƒetɔ Yehowae gblɔe.”