24
Nuɖaze la
Le ƒe asiekelia ƒe ɣleti ewolia ƒe ŋkeke ewolia gbe la, Yehowa ƒe nya va nam be, “Ame vi, ŋlɔ ŋkeke sia, ŋkeke sia tututu da ɖi, elabena Babilonia fia ɖe to ɖe Yerusalem le ŋkeke sia tututu dzi. Do lo aɖe na ƒome dzeaglã la me tɔwo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si.’
“Tsɔ nuɖaze la ɖo dzo dzi,
tsɔe ɖo dzo dzi, eye nàku tsi ɖe eme.
Tsɔ lã la de ze la me.
Tsɔ eƒe akpa xɔasitɔwo,
lãkɔ nyuitɔwo katã kpe ɖe ata kple abɔgba ŋuti.
Na be ze la nayɔ fũu kple lã la ƒe akpa siawo ƒe ƒu nyuitɔwo.
Tsɔ wò lã nyuitɔ tso lãha la me,
eye nàde nake ete hena ƒuawo ɖaɖa.
Na tsi la nafie, eye nàɖa ƒuawo le eme.
 
“Elabena aleae Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si.
“Babaa na hlɔ̃dodu la,
babaa na nuɖaze si lé ɣebia,
eye ɣebialéle maɖe ɖa le eŋu o!
Ɖe lãkɔawo ɖeka ɖeka le ze la me,
gake mègadzidze nu ɖe wo dzi o.
 
“Elabena ʋu si wòkɔ ɖi la le edome.
Ekɔe ɖe agakpe ƒuƒlu dzi,
mekɔe ɖe anyigba dzi,
afi si ʋuʋudedi atsyɔ edzi le o.
Be nye dziku nafla, eye mabia hlɔ̃ ta la,
mekɔ eƒe ʋu ɖe agakpe ƒuƒlu dzi,
ale be ʋuʋudedi matsyɔ edzi o.
 
“Eya ta ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si,
“Babaa na du si me ʋukɔkɔɖi le.
Nye hã mali kɔ nake wòakɔ.
10 Eya ta fɔ nake da ɖe nakekɔ la dzi, eye nàdo dzo.
Ɖa lã la nyuie, nàde detsiƒonu ʋeʋĩwo eme,
eye nàna ƒuawo nafia.
11 Ekema nàtsɔ ze ƒuƒlu la da ɖe dzokawo dzi va se ɖe
esime wòaxɔ dzo nyuie, eye eƒe akɔbli naklẽ,
ale be eƒe nu makɔmakɔwo nalolo, eye etenuwo nafia.
12 Ena agbagbadzedzewo katã zu dzodzro;
womeɖe nu siwo ɖo aƒa titri ɖe ete la ɖa kple dzo gɔ̃ hã o.
13 “ ‘Azɔ la, wò nu makɔmakɔe nye ŋukpenanuwɔwɔ. Esi medze agbagba be makɔ ŋuwò, ke esi mèna be woakɔ ŋuwò le wò makɔmakɔnyenye me o ta la, màgakɔ azɔ o va se ɖe esime nye dɔmedzoe helĩhelĩ ɖe ŋuwò nu nabɔbɔ.
 
14 “ ‘Nye Yehowae ƒo nu. Ɣeyiɣi la ɖo be mawɔ edzi. Nyematɔ o, eye nyemakpɔ nublanui loo alo adzudzɔ nu si meɖo la wɔwɔ o. Woadrɔ̃ ʋɔnu wò le wò nɔnɔme kple wɔnawo nu. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.’ ”
Hezekiel srɔ̃ ku
15 Yehowa ƒe nya va nam be, 16 “Ame vi, mele nu si doa dzidzɔ na wò ŋkuwo la ɖe ge ɖa kpata. Ke mègafa konyi alo afa avi loo alo ana wò aɖatsi nado o. 17 Ɖe hũu ɖɔɖɔɖɔ; mègafa ame kukuwo o. Sa wò tablanu sesĩe, eye nàdo wò tokota; mègatsɔ nu bla wò glã loo alo nàɖu konyifalawo ƒe nuɖuɖu o.”
18 Ale meƒo nu na ameawo le ŋdi me, eye le fiẽ me la, srɔ̃nye ku. Esi ŋu ke ŋdi la, mewɔ nu si Yehowa ɖo nam be mawɔ la.
19 Ameawo biam be, “Màgblɔ nu si nu siawo awɔ kple mí la na mí oa?”
20 Ale megblɔ na wo be, “Yehowa ƒe nya va nam be, 21 Gblɔ na Israel ƒe aƒe la be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si. Mele kɔ gblẽ ge ɖo na nye kɔkɔeƒe la, ŋusẽteƒe si dzi miedana ɖo, teƒe si doa dzidzɔ na miaƒe ŋkuwo kple teƒe si mielɔ̃. Viŋutsu kple vinyɔnu siwo miegble ɖi la atsi yinu 22 Miawɔ nu si mewɔ. Miatsɔ nu abla glã loo alo aɖu konyifalawo ƒe nuɖuɖu o. 23 Mina miaƒe tablanu nanɔ ta na mi, eye miaƒe tokota nanɔ afɔ na mi; miaƒe nu vɔ̃wo ta, eye miaɖe hũu le mia ɖokuiwo dome. 24 Hezekiel anye kpɔɖeŋu na mi. Miawɔ nu abe ale si wòwɔ tututu la ene. Ne esia va eme la, mianya be nyee nye Aƒetɔ Yehowa.’
25 “Eye wò, Ame vi, gbe si gbe maɖe woƒe sitsoƒe, woƒe dzidzɔ kple ŋutikɔkɔe, nu si nya kpɔna na woƒe ŋkuwo, woƒe dzi ƒe didi, wo viŋutsuwo kple vinyɔnuwo ɖa la, 26 gbe ma gbe la, sisila aɖe ava be yeaka nyadzɔdzɔ la ta na wò. 27 Ɣe ma ɣi me la, woaʋu nu na wò, wò kple sisila la miaƒo nu, màgazi ɖoɖoe o. Ale ànye kpɔɖeŋu na wo, eye woanya be nyee nye Yehowa.”