25
Nyagblɔɖi ɖe Amonitɔwo ŋu
Yehowa ƒe nya va nam be, “Ame vi, trɔ mo ɖe Amonitɔwo ŋu, eye nàgblɔ nya ɖi ɖe wo ŋu. Gblɔ na wo be, ‘Mise Aƒetɔ Yehowa ƒe nya. Nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye, esi miegblɔ be, “Ahã” ɖe nye kɔkɔeƒe la ŋu le esime wodo gui, ɖe Israelnyigba ŋu esime wòzu gbegbe, eye ɖe Yuda ŋu esime woɖe aboyo eƒe amewo ta la, matsɔ mi ade asi na Ɣedzeƒenyigbadzitɔwo, miazu wo tɔ. Woatso nɔƒe, eye woatu woƒe agbadɔwo ɖe mia dome; woaɖu miaƒe kutsetsewo, eye woano miaƒe notsi. Matrɔ Raba wòazu gbeɖuƒe na kposɔwo, eye Amoninyigba azu gbɔɖemeƒe na alẽwo. Ekema mianya be, nyee nye Yehowa. Elabena alea Aƒetɔ Yehowa gblɔ: esi mieƒo asikpe, tu afɔ anyi le dzidzɔkpɔkpɔ me kple ta me vɔ̃ ɖoɖo le miaƒe dzi me ɖe Israelnyigba ŋu ta la, mado nye asi ɖa ɖe mia ŋu, eye matsɔ mi ana dukɔwo abe nuhaha ene. Maɖe mi ɖa le dukɔwo dome, eye matsrɔ̃ mi le anyigbawo dzi. Matsrɔ̃ mi, eye mianya be nyee nye Yehowa.’ ”
Nyagblɔɖi ɖe Moabtɔwo ŋu
“Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si, ‘Esi Moabtɔwo kple Seirtɔwo gblɔ be, “Kpɔ ɖa, Yuda ƒe aƒe zu abe dukɔ bubuwo ene” ta la, maɖe Moab ƒe abɔta ɖe go, madze egɔme tso liƒodziduwo, Bet Yesimot, Baal Meon kple Kiriataim, du siwo nye anyigba ma ƒe atsyɔ̃ la dzi. 10 Matsɔ Moabtɔwo kple Amonitɔ na ɣedzeƒetɔwo woazu wo tɔ, ale be womagaɖo ŋku Amonitɔwo dzi le dukɔwo dome o, 11 eye mahe to na Moabtɔwo vevie. Ekema woanya be nyee nye Yehowa.’ ”
Nyagblɔɖi ɖe Edomtɔwo ŋuti
12 Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: “Esi Edomtɔwo bia hlɔ̃ Yuda ƒe aƒe eye wodze agɔ vevie to nu sia wɔwɔ me ta la, 13 ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si, ‘Mado nye asi ɖa ɖe Edom ŋu, eye mawu eƒe amewo kple woƒe lãwo. Mana wòazu gbegbe, eye eƒe amewo atsi yi nu tso Teman va se ɖe Dedan. 14 Mabia hlɔ̃ Edom to nye amewo, Israel ƒe asi dzi, eye woatu nu kple Edom le nye dziku kple dɔmedzoe helĩhelĩ nu. Woadze si nye hlɔ̃biabia.’ Aƒetɔ Yehowae gblɔe.”
Nyagblɔɖi ɖe Filistitɔwo ŋuti
15 “Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: ‘Esi Filistitɔwo wɔ nu le hlɔ̃biabia me, eye wobia hlɔ̃ kple ta me vɔ̃ ɖoɖo si le dzi me na wo kple fuléle si nɔ wo me tso blema ke, be yewoatsrɔ̃ Yuda ta la, 16 ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Mele nye asi ɖo ge ɖa ɖe Filistitɔwo ŋu, mawu Keretitɔwo, eye matsrɔ̃ ame siwo susɔ ɖe atsiaƒu la nu. 17 Mabia hlɔ̃ wo vevie, eye mahe to na wo le nye dɔmedzoe helĩhelĩ me. Ekema woanya be nyee nye Yehowa, ne mebia hlɔ̃ wo.’ ”