27
Konyifaha ɖe Tiro ŋu
Yehowa ƒe nya va nam be, “Ame vi, dzi konyifaha ku ɖe Tiro ŋu. Gblɔ nya na Tiro, du si wotu ɖe atsiaƒu ƒe agbo nu, asitsala, na ame siwo le ƒuta. Alea Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi:
“Ègblɔ be, ‘Tiro,
mede blibo le nyonyo me.’
Wò nɔƒe nɔ atsiaƒu dzi,
ame siwo tu wò la na wò nyonyo de blibo.
Wotsɔ sesewu tso Senir wɔ wò xɔtutiwo,
eye wotsɔ sedati tso Lebanon
hewɔ abaladoti na wò.
Wotsɔ oɖumti tso Basan wɔ wò atablowoe,
wotsɔ ati tso Kipro ƒuta wɔ wò yaxɔƒe,
eye wofa nyiɖu ɖe eŋu.
Egiptetɔwo ƒe aklala si me wolɔ̃ nu ŋɔŋɔewo ɖo
nye wò abala, eye wonye wo aflaga;
wò agbadɔwoe nye avɔ blɔtɔ
kple dzĩtɔ tso Elisa ƒuta.
Sidon kple Arvad ŋutsuwo nye wò ʋukulawo,
eye Tiro, wò aɖaŋutɔwoe nye wò tɔdzidɔwɔlawo.
Aɖaŋudɔwɔla tsitsiwo tso Gebal nɔ
wò tɔdziʋuwo me be woatre wò gbagbãƒewo.
Tɔdziʋu siwo katã le ƒu dzi
kple woƒe tɔdziʋumedɔwɔlawo va be yewoatsa asi,
aƒle wò adzɔnuwo.
 
10 “Ŋutsuwo tso Persia, Lidia kple Put
nye asrafowo le wò aʋakɔ me.
Woku woƒe akpoxɔnuwo kple kukuwo ɖe
wò gliwo ŋu, eye woɖo atsyɔ̃ na wò.
11 Ŋutsuwo tso Arvad kple Helek dzɔ
wò gliwo ŋu le akpawo katã,
eye ŋutsuwo tso Gamad nye wò gbetakpɔlawo.
Wotsɔ woƒe akpoxɔnuwo ku wò gliwo ŋu,
eye wodo wò nyonyo ɖe dzi bobobo.
12 “Tarsis wɔ dɔ kple wò le wò adzɔnu gbogboawo ta. Wotsɔ klosalo, gayibɔ, gaɣi kple tsumi ɖɔli wò adzɔnuwoe.
13 “Griktɔwo, Tubaltɔwo kple Mesektɔwo tsa asi kpli wò. Wotsɔ kluviwo kple nu siwo wowɔ kple akɔbli la ɖɔli wò adzɔnuwoe.
14 “Ŋutsuwo tso Bet Togarma tsɔ dɔwɔsɔwo, aʋadesɔwo kple tedziwo ɖɔli wò adzɔnuwoe.
15 “Ŋutsuwo tso Rods tsa asi kpli wò, eye amewo tso ƒuta du ɖe sia ɖe me nye wò nuƒlelawo. Woxe fe na wò kple nyiɖu kple avemeti sesẽwo.
16 “Aram tsa asi kpli wò le nu geɖe siwo nèwɔ la ta. Etsɔ adzagba, aɖabɛ dzĩtɔ, avɔ ŋɔŋɔe, aklala, sui kple gbloti ɖɔli wò adzɔnuwoe.
17 “Yuda kple Israel wotsa asi kpli wò. Wotsɔ lu tso Minit, ƒo, anyitsi, ami kple lifi ɖɔli wò adzɔnuwoe.
18 “Le wò nuwɔwɔ geɖewo kple wò adzɔnu gbogboawo ta la, Damasko tsa asi kpli wò le wain tso Helbon kple lãfu tso Zahar me.
19 “Danitɔwo kple Griktɔwo tso Uzal ƒle wò adzɔnuwo. Wotsɔ gayibɔ, kasiatiwo kple gbeke ɖɔli wò adzɔnuwoe.
20 “Dedan tsa asi kpli wò kple sɔdokundruwo.
21 “Arabia kple Kedar ƒe dziɖulawo katã nye wò nuƒlelawo. Wotsɔ woƒe agbowo, alẽviwo kple gbɔ̃wo tsa asi kpli wò.
22 “Asitsalawo tso Seba kple Raama tsa asi kpli wò le wò adzɔnuwo ta. Woɖɔli nu ʋeʋĩ nyuitɔ ɖe sia ɖe kple kpe xɔasiwo kple sika.
23 “Haran, Kane kple Eden kple Seba ƒe asitsalawo, Asur, Geba kple Kilmad wotsa asi kpli wò. 24 Le wò asi me la, wotsa asi kpli wò kple awu dzeaniwo, aɖabɛ blɔtɔ ƒe awu ʋlayawo, avɔ ŋɔŋɔewo, kundru ŋɔŋɔe siwo wolɔ̃ kple ka si wotro hesa nyuie.
25 “Tarsistɔwo ƒe tɔdziʋuwoe tsɔa wò adzɔnuwo.
Wò adzɔnuwo sɔ gbɔ le atsiaƒu la dzi.
26 Wò ʋukulawo ku wò yi atsiaƒu dzi.
Ke ɣedzeƒeya agbã wò ɖe atsiaƒu titina, afli wò wuliwuli.
27 Wò kesinɔnuwo, wò asitsanuwo
kple adzɔnuwo, tɔdziʋukulawo,
wò kuɖɔɖolawo kple wò gbagbãƒetrelawo,
wò adzɔnuɖɔlilawo, wò aʋawɔlawo katã
kple wò ameha blibo si le ʋua me la,
anyrɔ ɖe atsiaƒu la titina
gbe si gbe wò tɔdziʋu anyrɔ.
28 Ne wò ƒudzidɔwɔlawo do ɣli la,
ƒutanyigbawo aʋuʋu kpekpekpe.
29 Ame siwo wɔa wò akɔfawo ŋu dɔ la,
agble woƒe tɔdziʋuwo ɖi,
ʋukulawo kple tɔdzidɔwɔlawo katã atsi tsitre ɖe ƒuta.
30 Woakɔ woƒe gbe dzi, eye woafa avi vevie ɖe tawò,
woakɔ ʋuʋudedi ɖe woƒe tawo dzi,
eye woamli le dzowɔ me.
31 Woalũ ta ɖe tawò, eye woata akpanya.
Woafa avi ɖe tawò kple luʋɔ ƒe vevesese
kple konyifafa vevie.
32 Ne wofa avi, eye wofa konyi ɖe tawò la,
woakpa konyifaha aɖe ɖe ŋuwò be,
Ame kae wona wòzi ɖoɖoe kpɔ abe Tiro,
du si atsiaƒu ƒo xlãe ene?
33 Esi wò adzɔnuwo yi ƒu dzi la,
èna dukɔ geɖewo ɖi ƒo.
Ètsɔ wò hotsui gbogbo ɖi ƒo na anyigbadzifiawo.
34 Azɔ la, atsiaƒu na nègba gudugudu
le tsiwo ƒe gogloƒe,
wò adzɔnuwo kple wò amewo katã woyi to kple wò.
35 Ƒutatɔwo katã ƒe nu ku ɖe ŋuwò;
woƒe fiawo le dzodzom nyanyanya kple ŋɔdzi,
eye woyɔ mo kple vɔvɔ̃.
36 Asitsalawo le dukɔwo dome le fewu ɖum le ŋuwò.
Èva ɖo wò nuwuwu si dzi ŋɔ, eye màganɔ anyi o.”