28
Nyagblɔɖi tso Tiro fia ŋu
Yehowa ƒe nya va nam be, “Ame vi, gblɔ na Tiro fia be, Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Le wò dzi ƒe dada me la, ègblɔ be,
“ ‘Mawu aɖe menye,
menɔ anyi ɖe fia aɖe ƒe fiazikpui dzi le atsiaƒu titina.’
Ke amegbetɔ ko nènye,
menye mawu aɖekee nènye o,
togbɔ be èbuna be yenya nu
abe mawu aɖe ene hã.
Ɖe nènya nu wu Daniel mahã?
Èwɔ wò nunya kple gɔmesese ŋu dɔ
hekpɔ hotsui na ɖokuiwò,
eye nèƒo ƒu sika kple klosalo
ɖe wò nudzraɖoƒewo.
Le wò nunya gã tso asitsatsa ŋu ta la,
èdzi wò hotsuikpɔkpɔ ɖe edzi,
eye le wò hotsuikpɔkpɔ ta la, wò dzi dana.
“Eya ta ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi:
“Be nèbu be yenya nu,
yenya nu abe mawu aɖe ene ta la,
makplɔ amedzrowo aƒu wò,
dukɔ si me tɔwo mekpɔa nublanui
na ame kura o.
Woatsɔ woƒe yi ɖe wò nyonyo kple wò nunya ŋu,
eye woagblẽ wò atsyɔ̃ gã la me.
Woatutu wò ade aʋlime, eye àku ku veve aɖe
le atsiaƒuwo titina.
Ɖe nàgblɔ le ɣe ma ɣi me be, ‘Mawu aɖee menye’
le ame siwo le wuwòm la ŋkumea?
Amegbetɔ ko nènye, mènye mawu aɖeke o,
le ame siwo le wuwòm la ƒe asi me.
10 Àku abe aʋamatsomatsotɔwo
ene le amedzrowo ƒe asi me.
Nye Aƒetɔ Yehowae gblɔe.”
 
11 Yehowa ƒe nya va nam be, 12 “Ame vi, dzi konyifaha aɖe ɖe Tiro fia ŋu, eye nàgblɔ nɛ be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si:
“ ‘Ènye blibodede ƒe kpɔɖeŋu,
nunya yɔ mewò, eye wò nyonyo de blibo.
13 Ènɔ Eden,
Mawu ƒe abɔ la me,
kpe xɔasi ɖe sia ɖe ɖo atsyɔ̃ na wò,
Kanelian, krisolit kple emerald,
topaz, oniks kple yaspa,
lapis lazuli, tɔkuɔs kple beril.
Sikae wotsɔ ɖo to na wò, eye eya kee
wotsɔ ɖo atsyɔ̃ na wò le gbe si gbe wowɔ wò.
14 Wosi ami na wò abe kerubi, amedzikpɔla ene,
elabena nenemae meɖo wòe.
Ènɔ Mawu ƒe to kɔkɔe la dzi,
eye nèzɔ le dzokpewo dome.
15 Vodada aɖeke menɔ wò zɔzɔme ŋu
tso gbe si gbe wowɔ wò
va se ɖe esime wokpɔ ŋutasesẽ le mewò o.
16 To wò asitsatsa yi teƒe geɖewo me la,
ŋutasesẽ yɔ mewò, eye nèwɔ nu vɔ̃.
Eya ta menya wò ŋukpedoametɔe le Mawu ƒe to la dzi;
menya wò kerubi, amedzikpɔla, le dzokpeawo dome.
17 Wò dzi de asi dada me le wò nyonyo ta,
eye nègblẽ wò nunya le wò atsyɔ̃ ta.
Ale metsɔ wò ƒu gbe ɖe anyigba.
Mena nèzu nukpɔkpɔ le fiawo ŋkume
18 To wò nu vɔ̃ geɖewo kple wò asitsatsa
si me nuteƒewɔwɔ mele o me la,
èdo gu wò Kɔkɔeƒewo.
Eya ta mena dzo do tso mewò, fia wò,
eye mena nèzu afi le anyigba,
le ame siwo katã nye nukpɔlawo la ŋkume.
19 Dukɔ siwo katã nya wò la ƒe nu ku le ŋutiwò;
wò nuwuwu dziŋɔ la va ɖo,
eye màganɔ anyi akpɔakpɔ o.’ ”
Nyagblɔɖi ɖe Sidon ŋu
20 Yehowa ƒe nya va nam be, 21 “Ame vi, trɔ mo ɖo ɖe Sidon gbɔ. Gblɔ nya ɖi ɖe eŋu, 22 eye nàgblɔ be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi:
“ ‘Metso ɖe ŋuwò, O! Sidon,
eye makpɔ nye ŋutikɔkɔe tso mewò.
Woanya be nyee nye Yehowa ne mehe to nɛ,
eye mefia ɖokuinye kɔkɔe le eme.
23 Mana dɔvɔ̃ nadze edzi, eye ʋu nasi
le eƒe ablɔwo dzi.
Ame kukuwo adze anyi le eme,
eye yi anɔ eŋu le eƒe axa ɖe sia ɖe dzi.
Ekema woanya be nyee nye Yehowa.
24 “ ‘Eye ame vɔ̃ɖiwo maganɔ anyi aƒo xlã Israelviwo, ame siwo ƒe aɖewo nye ŋu tɔame kple aŋɔka wɔnuveviame o. Ekema woanya be nyee nye Aƒetɔ Yehowa.
25 “ ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Ne meƒo ƒu Israelviwo tso dukɔ siwo me wokaka wo ɖo me la, mafia ɖokuinye kɔkɔe le wo dome le dukɔwo ŋkume. Ale woanɔ woawo ŋutɔ ƒe anyigba si metsɔ na nye dɔla, Yakob la dzi. 26 Woanɔ dedie le afi ma, woatu xɔwo, eye woade waingble, woanɔ dedie ne mehe to na ame siwo katã ƒo xlã wo, eye wodoa vlo wo. Ekema woanya be, nyee nye Yehowa, woƒe Mawu.’ ”