30
Konyifaha na Egipte
Yehowa ƒe nya va nam be, “Ame vi, gblɔ nya ɖi be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi:
“ ‘Mifa avi, miagblɔ be,
Baba na ŋkeke ma,
elabena ŋkeke ma gogo,
Yehowa ƒe ŋkeke ma tu aƒe,
ŋkeke si dzi blukɔ ado,
ŋkeke si ahe dzɔgbevɔ̃e va dukɔwo dzi.
Yi aɖe atso ɖe Egipte ŋu,
eye ŋɔdzi aɖo Kus.
Ne ame ku le Egipte la,
woalɔ Egipte ƒe kesinɔnuwo adzoe,
eye woakaka eƒe gɔmeɖoɖo ƒe agunu.
Kus kple Libia, Lidia kple Arabia katã, Kub kple dukɔ siwo katã me tɔwo le nubabla la me la, atsi yinu kpe ɖe Egiptetɔwo ŋu.’
“Ale Yehowa gblɔe nye esi:
“ ‘Egipte dzi nɔlawo adze anyi,
eye eƒe ŋusẽ si dzi wòdana ɖo la ayi to
tso Migdol va se ɖe Aswan;
woatsi yinu le eme.’
Aƒetɔ Yehowa gblɔe.
 
“Woazu gbegbe le anyigba
siwo wogblẽ la dome,
eye woƒe duwo anɔ du
siwo wogbã la dome.
Ekema woanya be nyee nye Yehowa,
ne metɔ dzo Egipte,
eye mefanya eƒe kpeɖeŋutɔwo katã.
“Gbe ma gbe la, ame dɔdɔwo atso gbɔnye anɔ tɔdziʋuwo me be woado ŋɔdzi na Kus le eƒe ɖokuiŋudzedze me. Vɔvɔ̃ aɖo wo le Egipte ƒe dzɔgbevɔ̃eŋkeke la ta, elabena ele vava ge godoo.
 
10 “ ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi:
“ ‘Matsrɔ̃ Egipte ameha gã la to Nebukadnezar,
Babilonia fia ƒe asi dzi.
11 Woakplɔ eya kple eƒe aʋakɔ,
ame siwo mekpɔa nublanui na
amewo le dukɔwo katã dome o la,
vɛ be woagblẽ anyigba la.
Woaɖe woƒe yi le aku me ɖe Egipte ŋu,
eye woana ame kukuwo nayɔ anyigba la dzi.
12 Mana Nil tɔsisi la namie,
eye madzra anyigba la na ame vɔ̃ɖiwo.
Mana amedzrowo ƒe asi nagblẽ anyigba la
kple nu sia nu si le edzi.
Nye, Yehowae ƒo nu.
 
13 “ ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi:
“ ‘Magbã woƒe legbawo, eye maɖe aklamakpakpɛ
siwo le Memfis la ɖa.
Dziɖula aɖeke maganɔ Egipte azɔ o,
eye mana vɔvɔ̃ naɖo ame sia
ame le anyigba la dzi.
14 Mana Egipte ƒe dzigbeme nazu gbegbe,
matɔ dzo Zoan, eye mahe to na Tebes.
15 Matrɔ nye dɔmedzoe helĩhelĩ akɔ ɖe Pelusium,
Egipte ƒe mɔ sesẽtɔ la dzi,
eye matsrɔ̃ Tebes ƒe amehawo.
16 Matɔ dzo Egipte;
Pelusium anɔ ŋeŋem kple vevesese,
ahom akplɔ Tebes adzoe,
eye Memfis axaxa le nyadzɔɖeamedziwo ta.
17 Heliopolis kple Bubastis ƒe ɖekakpuiwo atsi yi nu,
eye duawo me tɔwo ŋutɔ aɖe aboyo wo ɖokuiwo.
18 Tapanhes ƒe ŋkeke ado viviti,
ne mekaka Egipte ƒe kɔkuti;
afi mae Egipte ƒe ŋusẽ, si dzi wòdana ɖo la,
aɖo eƒe seƒe le.
Lilikpo atsyɔ edzi, eye woaɖe aboyo
eƒe duwo me tɔwo.
19 Ale mahe to na Egipte,
eye wòanya be nyee nye Yehowa.’ ”
20 Le ƒe wuiɖekɛlia ƒe ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke adrelia gbe la, Yehowa ƒe gbe va nam be, 21 “Ame vi, meŋe Farao, Egipte fia ƒe abɔ ɖeka. Womeblae kple avɔ wòatsya o, eye womeblae kple ati be, wòagasẽ alé yi o. 22 Eya ta ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: ‘Metso ɖe Farao, Egipte fia ŋu. Maŋe eƒe abɔ eveawo, eye mana yi nage le esi. 23 Makaka Egiptetɔwo ɖe dukɔwo dome, eye maka wo ahlẽ ɖe anyigbawo dzi. 24 Mado ŋusẽ Babilonia fia ƒe abɔwo, eye matsɔ nye yi ade asi nɛ, ke maŋe Farao ƒe abɔwo, eye wòanɔ ŋeŋem le eŋkume abe ame si ŋu wode kubi ene. 25 Mado ŋusẽ Babilonia fia ƒe abɔwo, ke Farao ya ƒe abɔwo aku ɖe eŋuti. Ekema woanya be, nyee nye Yehowa, ne metsɔ nye yi de asi na Babilonia fia be woanyee le yame ɖe Egipte ŋu. 26 Makaka Egiptetɔwo ɖe dukɔwo dome, eye makaka wo ahlẽ ɖe anyigbawo dzi. Ekema woanya be nyee nye Yehowa.’ ”