31
Sedati aɖe le Lebanon
Le ƒe wuiɖekɛlia ƒe ɣleti etɔ̃lia ƒe ŋkeke gbãtɔ gbe la, Yehowa ƒe nya va nam be, “Ame vi, gblɔ na Farao, Egipte fia kple eƒe ame gbogboawo be,
“Ame kae woate ŋu atsɔ asɔ kple wò le fianyenye me?
Bu Asiria ŋu kpɔ. Enye sedati kpɔ le Lebanon.
Eƒe atilɔ dzeaniwo keke tsyɔ ave la dzi.
Ekɔ nyuie, kɔ wu ati bubuawo
Tsiwo na nunyiamewoe,
tsitsetse goglowo na wòkɔ,
woƒe tɔsisiwo tsa ƒo xlã ete,
eye wodo eƒe alɔdzewo ɖe ati
siwo katã le gbedzi la gbɔ.
Ale wògakɔ ɖe edzi wu ati bubuwo katã le gbea dzi.
Eƒe alɔwo sɔ gbɔ ɖe edzi,
eye eƒe alɔdzewo didi hekla ɖe tsi ƒe agbɔsɔsɔ ta.
Dziƒoxeviwo katã wɔ atɔ ɖe eƒe alɔwo dzi,
gbemelãwo katã dzi vi ɖe eƒe alɔwo te,
eye dukɔ gãwo katã nɔ eƒe vɔvɔli te.
Eɖi fia le eƒe nyonyo me,
le eƒe alɔwo ƒe keke ta,
elabena eƒe kewo le tsi sɔgbɔ me.
Sedati siwo nɔ Mawu ƒe abɔ me la
mete ŋu ke ɖi kplii o,
sesewu ƒe alɔwo mete ŋu de etɔwo nu o,
eye womate ŋu atsɔ xetiwo
ƒe alɔwo asɔ kple etɔwo o.
Ati siwo katã nɔ Mawu ƒe abɔ me la,
mede enu le nyonyo me o.
Mewɔe wònyo kple eƒe alɔdze geɖewo,
eye wònye ŋubiã na ati siwo katã nɔ Edenbɔ,
Mawu ƒe abɔ la me.
10 “Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: ‘Esi wòkɔ bobobo wu ati bubuwo, eye wòdana le eƒe kɔkɔ ta la, 11 metsɔe de asi na dukɔwo dziɖula be wòatu nu kplii ɖe eƒe ŋutasesẽ ta. Meɖee ɖe aga, 12 eye amedzro dukɔ si mekpɔa nublanui kura o la tsɔe ƒu anyi hedzo le egbɔ. Eƒe alɔdzewo dze towo kple balimewo katã dzi; eƒe alɔdzewo ŋe, kaka ɖe anyigba la katã dzi. Dukɔwo katã le anyigba dzi do le eƒe vɔvɔli te, eye wogblẽe ɖi. 13 Dziƒoxeviwo katã dze ɖe ati si mu la dzi, eye gbemelãwo katã nɔ eƒe alɔdzewo dome. 14 Eya ta ati bubu siwo le tsiwo to la dometɔ aɖeke magada le eƒe kɔkɔ ta o, eye woƒe ɖɔme magakɔ wu avemeti bubuawo tɔwo o. Ati bubu siwo le tsiwo to la magade dzi nenema o. Ele na wo katã be woaku kokoko ayi tome, anɔ ame kukuwo dome kple ame siwo ayi aʋlime.’
15 “Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: ‘Gbe si gbe wokɔe de yɔdo me la, mena tsi dzidzi goglowo fa konyi ɖe wo ta. Eya ta meda viviti ɖe Lebanon dzi, eye ati siwo katã le gbedzi la ku. 16 Mena eƒe anyidzedze ƒe ɖiɖi na dukɔwo dzo nyanyanya, esi mena wòge ɖe yɔdo me kple ame siwo yi aʋlime. Ekema atiwo katã le Eden, Lebanon ƒe ati nyuitɔwo, ati siwo katã ŋu tsi nɔ nyuie, wofa akɔ na wo katã le aʋlime. 17 Ame siwo nɔ eƒe vɔvɔli te, ame siwo wòtsɔ aʋae le dukɔwo dome la, hã yi yɔdo me kplii, kpe ɖe ame siwo tsi yinu la ŋuti.
18 “ ‘Ati siwo nɔ Eden la dometɔ kae woatsɔ asɔ kpli wò le nyonyo kple fianyenye me? Ke woatsɔ wò hã akpe ɖe Eɖen ƒe atiwo ŋuti ade yɔdo me. Ànɔ aʋamatsomatsotɔwo dome, akpe ɖe ame siwo tsi yinu la ŋuti.
“ ‘Ame siawoe nye Farao kple eƒe ame gbogboawo’ Aƒetɔ Yehowae gblɔe.”