32
Konyifaha aɖe tso Farao ŋu
Le ƒe wuievelia ƒe ɣleti wuievelia ƒe ŋkeke gbãtɔ gbe la, Yehowa ƒe gbe va nam be, “Ame vi, kpa konyifaha aɖe tso Farao, Egipte fia ŋu, eye nàgblɔ nɛ be, ‘Èle abe dzata ene le dukɔwo dome, èle abe lã dziŋɔ aɖe ene le atsiaƒuwo me. Èle tsi ƒum le wò tɔsisiwo me,
“ ‘Èle tsi la trom kple wò afɔwo,
Eye nèna ba ge ɖe tsiawo me.
“ ‘Aleae Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi,
“ ‘Ameha gã aɖe akpe ɖe ŋunye,
Mada nye ɖɔ ɖe dziwò,
Eye woahe wò ava gota le nye ɖɔ me.
Matsɔ wò aƒu gbe ɖe anyigba dzi,
Eye mada wò ɖe gbedzi,
Mana dziƒoxeviwo katã nadze ɖe dziwò,
Eye anyigbadzilã wɔadãwo katã
Nanya avuzi le dziwò.
Makaka wò ŋutilã ɖe toawo dzi,
Eye mana balimewo nayɔ fũu kple wò kukua.
Mana wò ʋu natsa le anyigba la dzi,
Ayi keke toawo te ke,
Eye balimewo ayɔ fũu kple wò ŋutilã.
Ne mena nuwò yi la,
Matsyɔ nu dziƒo nu.
Mana woƒe ɣletiviwo nado viviti.
Matsɔ lilikpo atsyɔ ɣe ŋkume,
Eye ɣleti magana kekeli o.
Dziƒokaɖi keklẽwo katã,
Mana woado viviti ɖe dziwò.
Mahe viviti ava wò anyigba dzi,
Aƒetɔ Yehowae gblɔe.
Maɖe fu na dukɔ geɖewo ƒe dzi,
Ne mehe wò tsɔtsrɔ̃ vɛ,
Le dukɔwo dome.
Le anyigba siwo mènya o la dzi.
10 Mana dukɔ geɖewo ƒe nu naku ɖe tawò,
Eye woƒe fiawo nadzo nyanyanya
Kple vɔvɔ̃ ɖe tawò,
Ne menye nye yi le yame le woƒe ŋkume.
Le wò anyidzedze ƒe ŋkeke la dzi la,
Wo dometɔ ɖe sia ɖe adzo nyanyanya
Ɣeawo katã ɣi ɖe eƒe agbe ta.
11 “ ‘Elabena aleae Aƒetɔ Yehowa gblɔ,
“ ‘Babilonia fia ƒe yi
Ado ɖe ŋuwò.
12 Mana wò amewo natsi ame sesẽwo,
Ame siwo sẽa ŋuta wu
Le dukɔwo katã dome la ƒe yinu.
Woatsi Egipte ƒe dada nu,
Eye woaɖu eƒe ame gbogboawo dzi.
13 Matsrɔ̃ eƒe nyiwo katã
Tso tsi gãwo to,
Tsi gã siwo ame ƒe afɔ magablu o,
Eye nyiwo ƒe afɔwo magablu ba ɖe wo me o.
14 Ekema mana eƒe tsiwo nadze anyi,
Eye mana woatsa abe ami ene.’
Aƒetɔ Yehowae gblɔe.
 
15 “Ne mena Egipte zu gbegbe,
Meɖe nu sia nu si le edzi ɖa,
Eye meƒo ame siwo katã le edzi ƒu anyi la,
Ekema woanya be, nyee nye Aƒetɔ Yehowa.
16 “Esiae nye konyifaha si woadzi nɛ. Dukɔawo ƒe vinyɔnuviwo adzii nɛ. Woadzii na Egipte kple eƒe amewo. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.”
17 Le ƒe wuievelia ƒe ɣletia ƒe ŋkeke wuiatɔ̃lia gbe la, Yehowa ƒe nya va nam be, 18 “Ame vi, fa avi ɖe Egipte ƒe ame gbogboawo ŋu, eye nàna woayi tome, Egipte kple dukɔ sesẽwo ƒe vinyɔnuviwo kple ame siwo yi aʋlime. 19 Gblɔ na wo be, ‘Ɖe wònyo na mi wu ale si wònyo na ame bubuwoea? Miyi tome, eye miamlɔ bolotɔwo dome.’ 20 Woamlɔ ame siwo tsi yinu la dome. Wolé yi la ɖe asi, mina woakplɔe adzoe kple eƒe ame gbogboawo. 21 Le yɔdo la me la, kplɔla ŋusẽtɔwo agblɔ tso Egipte kple ame siwo wòtsɔ aʋae la ŋu be, ‘Wova ɖo tome, eye woamlɔ bolotɔwo, ame siwo tsi yinu la dome.’
22 “Asiria le afi ma kple eƒe aʋakɔ blibo la; eƒe ame siwo wowu la ƒe yɔdowo ƒo xlãe, ame siwo katã tsi yinu. 23 Woƒe yɔdowo le do la ƒe gogloƒe, eye eƒe aʋakɔ la ƒo xlã yɔdo la. Wowu ame siwo katã do ŋɔdzi na agbagbeawo ƒe anyigba, wotsi yi nu.
24 “Elam le afi ma, eye eƒe amehawo katã ɖe to ɖe eƒe yɔdo, Ame tsiaʋawo sɔŋ wonye, eye wotsi yinu, wonye bolotɔwo yi tsiẽƒe, woawoe de ŋɔdzi agbagbeawo ƒe anyigba dzi; azɔ ŋu akpe wo akpe ɖe aʋlimeyilawo ŋu. 25 Wotsɔ eya kple eƒe amehawo katã mlɔ Ame tsiaʋawo dome, woƒe yɔdowo ɖe to ɖee, bolotɔwo sɔŋ wonye, eye woda yi wo, elabena wode ŋɔdzi agbagbeawo ƒe anyigba dzi; azɔ ŋu akpe wo akpe ɖe aʋlimeyilawo ŋu; Ame tsiaʋawo dome wokɔ wo mlɔe.
26 “Mesek kple Tubal le afi ma kple woƒe ame gbogboawo katã, ƒo xlã yɔdoawo. Wo katã wonye bolotɔwo, wowu wo kple yi, elabena wokaka woƒe ŋɔdzidoname ɖe agbagbeawo ƒe anyigba dzi. 27 Ɖe womemlɔ aʋawɔla bubuawo, ame siwo nye bolotɔwo dome, ame siwo ku, woyi yɔdo la me kple woƒe aʋawɔnuwo, ame siwo ƒe yi wotsɔ da ɖe woƒe ta te oa? Woƒe nu vɔ̃wo ƒe tohehe le woƒe ƒuwo dzi togbɔ be aʋawɔla siawo ƒe ŋɔdzidoname xɔ agbagbeawo ƒe anyigba dzi hã.
28 “Wò hã, O! Farao, woagbã wò gudugudu, eye nàmlɔ bolotɔwo kple ame siwo tsi yinu la dome.
29 “Edom le afi ma, eƒe fiawo kple fiaviŋutsuwo katã. Togbɔ be wonye ŋusẽtɔwo hã la, wotsɔ wo mlɔ ame siwo tsi yinu la dome. Womlɔ bolotɔwo kple ame siwo yi aʋlime la dome.
30 “Anyiehe fiaviwo katã kple Sidontɔwo katã le afi ma. Woyi aʋlime kple ŋukpe kple ame siwo wowu le ŋɔdzi si woƒe ŋusẽ do na amewo megbe. Womlɔ anyi aʋamatsomatsoe kple ame siwo yi aʋlime.
31 “Farao, eya kple eƒe aʋakɔ blibo la, akpɔ wo, eye woafa akɔ na wo le woƒe ame gbogbo siwo tsi yi nu la ta. Aƒetɔ Yehowae gblɔe. 32 Togbɔ be meɖe mɔ, wòdo ŋɔdzi na amewo le agbagbeawo ƒe anyigba dzi hã la, woakɔ Farao kple eƒe ame gbogboawo katã amlɔ bolotɔwo kple ame siwo tsi yinu la dome.” Aƒetɔ Yehowa gblɔe.