10
Kpɔ ale si kesinɔnuwo yɔ Israel ɖa!
Israel le abe wainka si vu,
eye wòtse ku kplanya la ene.
Ale si ke wòtse ku geɖewoe la,
nenema ke wòtua vɔsamlekpuiwoe.
Zi ale si meyra ɖe eƒe anyigba dzi la,
zi nenema ke wòliaa legba dzɔtsuwoe.
Woƒe dziwo te ɖa xaa tso Mawu gbɔ.
Wodze agɔ, eya ta ele be woahe to na wo.
Yehowa agbã woƒe trɔ̃ƒewo,
eye wòagbã woƒe legbawo.
Ekema woagblɔ be, “Fia aɖeke megale mía si o,
elabena míede bubu Yehowa ŋu o.
Ke ne fia le mía si hã la,
nu ka wòawɔ na mí?”
Wokaa atam dzodzrowo tsɔ ɖoa kpe nubabla dzii,
eya ta ʋɔnudɔdrɔ̃ anye ɖe wo ŋuti
abe ale si aɖigbe miena ɖe agble me ene.
Ŋɔdzi ɖo Samariatɔwo
le woƒe nyivimawu si le Bet Aven ta.
Esubɔlawo le nu xam le eta,
eye vodua ƒe nunɔlawo axa nu le esi
eƒe ŋutikɔkɔe dzo le egbɔ la ta.
Ne Asiriatɔwo ɖe aboyo wo mlɔeba la,
woatsɔ woƒe nyivimawu la ana Asiria fia, Yareb,
abe nunana ene.
Ŋukpe alé Efraim, eye Israel ƒe mo atsi yaa le eƒe legbawo ta.
Woakplɔ Samaria kple eƒe fia adzoe
abe ale si ƒutsotsoe kplɔa futukpɔ dzonae ene.
Woagbã vɔ̃ɖinyenye ƒe vɔsaƒe siwo le Aven,
eyae nye Israel ƒe nu vɔ̃.
Ŋu kple aŋɔka avu atsyɔ woƒe vɔsamlekpuiwo dzi.
Woagblɔ na towo be,
“Mitsyɔ mía dzi,” eye woagblɔ
na togbɛwo be,
“Mimu dze mía dzi.”
 
“O Israel, èwɔ nu vɔ̃ tso Gibea ŋɔli ke,
eye nègale ewɔwɔ dzi.
Ɖe Gibea ƒe nu vɔ̃ wɔwɔ mena
woɖu wo dzi le aʋa me oa?
10 Matso ɖe mia ŋuti le miaƒe tosesẽ ta;
ɖe miaƒe nu vɔ̃ siwo do agba ɖe mia dzi ta la,
madɔ dukɔ bubuwo ƒe asrafowo
ɖe mia ŋuti be woahe to na mi,
le miaƒe nu vɔ̃ eve siwo dzɔ le ɣeyiɣi ɖeka me la ta.
11 Efraim léa be na nyiviwo nyuie,
eye blinyɔnyɔ hã dzɔa dzi nɛ;
azɔ la matsɔ kɔkuti
ade eƒe kɔ nyuie la,
eye matsi ɖe tasiaɖam ŋu,
Yuda aŋlɔ agble,
eye Yakob adzobo anyigba
12 Miƒã dzɔdzɔenyenye ƒe ku, ekema miaŋe nye lɔlɔ̃;
miŋlɔ miaƒe dzi sesẽ la abe agble ene,
elabena azɔe nye Yehowa diɣi,
be wòava akɔ dzɔdzɔenyenye ɖe mia dzi.
13 Ke miede nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ƒe agble,
miexa nu madzɔmadzɔ wɔwɔ,
mieɖu alakpakutsetse;
elabena mieɖo ŋu ɖe miaƒe ŋusẽ
kple aʋakɔ gã la ŋu.
14 Esia ta aʋawɔwɔ ƒe ŋɔdzi alé wò dukɔ,
eye woagbã wò mɔ sesẽwo katã,
abe ale si Salman wɔe le Bet Arbel ene;
le nyadzɔdzɔ ma me la,
wolé nyɔnuwo kple wo viwo siaa xlã ɖe anyi woku.
15 Esia anye ale si woawɔ wò, O Betel,
elabena wò nu vɔ̃ɖiwo sɔ gbɔ.
Le ŋdi kanya gbe ɖeka la,
woaɖe Israel fia ƒe agbe ɖa.