9
Tohehe na Israel
O Israel, migakpɔ dzidzɔ abe ame bubuwo ene o,
elabena miegbe miaƒe Mawu la
hesa vɔ na mawu bubuwo,
eye mielɔ̃ gbolowo ƒe nunanawo
le lugbɔƒe ɖe sia ɖe.
Lugbɔƒewo kple wainfiaƒewo mana nuɖuɖu amewo o,
eye woƒe aha yeye agblẽ.
Miaganɔ anyigba si nye Yehowa tɔ la dzi o,
Efraim atrɔ ayi Egipte, eye woaɖu nu makɔmakɔwo le Asiria.
Le afi sia la, womaɖe mɔ be miatsɔ wain asa vɔe na Yehowa o,
elabena vɔsa siwo katã woawɔ
le afi ma la ƒe ɖeke madze eŋu o;
vɔsa siawo ŋuti mekɔ o,
ɖeko wole abe kuteƒenuɖuɖu ene,
eye ame siwo katã ɖui la, woawo hã ŋuti mekɔ o.
Woate ŋu aɖu nu siawo be woaɖi ƒo,
gake menye be woatsɔe asa vɔe
le Yehowa ƒe gbedoxɔ me o.
 
Ekema nu ka miawɔ le ŋkeke kɔkɔewo
kple Yehowa ƒe ŋkekenyuiwo dzi?
Elabena ne wosi le gbegblẽ nu la,
Egipte aƒo wo nu ƒu, eye Memfis aɖi wo.
Woƒe klosalonu veviwo alé ɣebia,
eye aŋɔka avu atsyɔ woƒe agbadɔwo dzi.
Toheɣi na Israel ɖo vɔ;
nu vɔ̃ ƒe akɔntanaɣi ɖo vɔ, eye kpuie la,
Israel anya nu si wònye.
Esi wò nu vɔ̃wo li kɔ gleglegle,
eye fuléle yɔ mewò fũu ta la,
nyagblɔɖila zu bometsila,
eye ame si me Mawu ƒe gbɔgbɔ le la zu tsukunɔ.
Meɖo nyagblɔɖilawo be woadzɔ Efraim ŋu,
gake dukɔ la xe mɔ na wo le mɔ ɖe sia ɖe nu,
woɖe woƒe fulélewo fia le dutoƒo, eye wowɔ esia hã
le Mawu ƒe gbedoxɔ me gɔ̃ hã.
Nu tovo siwo wɔm nye dukɔ le la,
le abe movinu siwo wowɔ le
Gibea gbe aɖe gbe va yi ene.
Mawu aɖo ŋku woƒe nu vɔ̃ɖiwo dzi,
eye wòahe to na wo le woƒe nu vɔ̃wo ta.
 
10 “Esi medo go Israel la,
enɔ nam abe waintsetse le gbegbe ene;
esi medo go wo fofowo la,
enɔ nam abe gbotsetse gbãtɔ le gboti dzi ene.
Ke esi wova Baal Peor gbɔ la,
wotsɔ wo ɖokuiwo na ŋukpenalegba la
eye woɖi gbɔ̃ abe legba si ŋu woku ɖo la ene.
11 Efraim ƒe ŋutikɔkɔe dzo, dzo abe xevi ene,
eya ta womadzi vi o,
womafɔ fu o, eye womado fu hã o
12 eye ne viwòwo tsi la,
maxɔ wo le asiwò, atsrɔ̃ wo.
Baba na mi, ne metrɔ dzo le mia gbɔ.
Anye blanuiléle ƒe ŋkeke.
13 Mekpɔ Efraim, wodɔe ɖe teƒe dzeani
aɖe abe Tiro ene,
gake Efraim akplɔ viawo ade
asi na amewula.”
 
14 O Yehowa, nu ka nàtsɔ ana wò amewo?
Nu siwo nàtsɔ na wo lae nye vidzidɔ
si mate ŋu atsɔ fu o
kple no siwo me notsi manɔ o.
 
15 “Woƒe nu vɔ̃ɖiwo wɔwɔ katã dze egɔme le Gilgal,
eye afi mae nye hã megbe nu le wo gbɔ le.
Manya wo le nye anyigba dzi le woƒe ahasiwɔwɔ ta.
Nyemagalɔ̃ wo azɔ o,
elabena woƒe amegãwo katã nye aglãdzelawo.
16 Efraim, tsɔtsrɔ̃ tu wò. Israel,
wò kewo katã yrɔ,
màgatse ku azɔ o,
eye ne èdzi vi hã la,
mawu ɖevi si gbɔ womelɔ̃ nu le o.”
 
17 Nye Mawu agbe Israelviwo,
elabena wogbe be yewomaɖo toe o.
Woazu tsatsalawo,
kple aƒemanɔsitɔwo le dukɔwo dome.