7
Ne medi be mada gbe le Israel ŋu la,
ekema Efraim ƒe nu vɔ̃wo dzea go,
eye wokloa nu le Samaria ƒe nu vɔ̃wo dzi,
elabena woblea ame, gbãa ʋɔ,
fia fi, eye wodaa adzo le mɔtata dzi.
Dua me tɔwo hã mede dzesii be nye ŋku
le woƒe nu vɔ̃ɖiwo wɔwɔ dzi o.
Woƒe nu vɔ̃ ɖe to ɖe wo godoo va kpe,
eya ta mele wo katã kpɔm.
 
“Wotsɔa woƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ doa nukokoe na fia la,
eye dumegãwo kpɔa dzidzɔ koa nu
le woƒe alakpadadawo ta.
Wo katã wonye ahasitɔwo sɔŋ.
Abe ale si abolomela doa kpodzo wòbinae va se ɖe esime
eƒe abolomɔ la ho hafi wòlɔnɛ ene la,
nenema ke ame siawo ƒe dzi nɔa bibim ɖe ahasiwɔwɔ ŋu.
Le miaƒe fia ƒe ŋkekenyui dzi la,
dumegãwo noa wain muna hebɔa ha kple fewuɖulawo.
Woƒe dziwo bina abe kpodzo ene,
eye woyia egbɔ le ayedzedze me.
Woƒe didiwo ɖea fu na wo le zã blibo la me
eye le ŋdi la, wonɔna abe dzo ƒe aɖewo ene.
Wo katã woxɔ dzo abe kpodzo ene,
eye wofiaa woƒe kplɔlawo.
Woƒe fiawo katã mu dze anyi,
gake ɖeke meyɔm kpɔ o.
 
“Efraim tsaka kple dukɔ bubuwo,
eye wòle abe abolo si mebi nyuie o la ene.
Du bubu me tɔwo xɔ ŋusẽ le esi, gake menya o.
Efraim ƒe ɖa le wɔ ƒom,
gake menya gɔ̃ hã be yele tsitsim
le gbɔdzɔgbɔdzɔm o.
10 Israel ƒe dada le ɖase dim le eŋuti;
esi nu siawo katã le dzɔdzɔm hã la,
metrɔ va Yehowa, eƒe Mawu la
gbɔ be yeadii o.
 
11 “Efraim le abe ahɔnɛ movitɔ aɖe ene,
eyɔa Egipte be wòakpe ɖe ye ŋuti,
eye wòdzona yia Asiria.
12 Gake ne woyi la, matsɔ nye ɖɔ atsyɔ wo;
maɖiɖi wo ava anyie abe xevi
si le dzodzom le yame ene.
Ne mese wole ƒu ƒom la, mayi aɖalé wo.
13 Baba na mi, nye amewo,
elabena miegbem;
mana woatsrɔ̃ mi,
elabena miedze aglã ɖe ŋutinye!
Medi vevie be maɖe wo,
gake woda alakpa ɖe asinye.
14 Womedo ɣli nam tso woƒe dzi me o,
ke wofa avi le woƒe abawo dzi.
Woƒoa ƒu ɖe bli kple aha yeye ŋuti,
ke nye la, wotrɔ le yonyeme.
15 Nyee he wo, eye mena wokpɔ ŋusẽ,
gake azɔ la, wotsi tsitre ɖe ŋutinye.
16 Wometrɔ ɖe Dziƒoʋĩtɔ la ŋu o.
Wole abe dati si daa dadagbo la ene,
eya ta woƒe kplɔlawo atsi yi nu
ɖe nya vlo si dona le woƒe nu me la ta.
Esia ta woaɖe alɔme le wo ŋuti le Egiptenyigba dzi.