8
Israel ŋlɔ Mawu be
“Mitsɔ kpẽ la ɖo nu!
Egbɔna abe hɔ̃ ene ɖe Yehowa ƒe aƒe la ŋu,
elabena wotu nye nubabla la hetsitre ɖe nye seawo ŋu.
Azɔ la, Israel le ɣli dom nam be,
‘Míaƒe Mawu, kpe ɖe mía ŋuti!’
Gake Israel gbe nu le nu si nyo la gbɔ;
azɔ la, eƒe futɔwo ati eyome.
Woɖo fiawo, gake womebia gbem hafi o,
eye wotia dumegã siwo dzi nyemeda asi ɖo o.
Wotsɔ woƒe klosalo
kple sika wɔ legbawoe na wo ɖokui hena
woawo ŋutɔ ƒe tsɔtsrɔ̃.
O Samaria, tsɔ wò nyivilegba si nèwɔ la ƒu gbe.
Nye dɔmedzoe le bibim ɖe wo ŋu.
Gbe ka gbe miana mia ŋuti nakɔ?
Nu siawo dzɔ tso Israel,
nyivilegba si gbede tu la,
menye Mawu o,
eya ta woagbã Samaria ƒe nyivi la gudugudu.
 
“Woƒã ya, eya ta woaŋe ahomya.
Woƒe bliwo magbã ahadza o,
eya ta ahɔ̃litiwo matse ku o,
eye ne bli anɔ blitikpui aɖewo ŋu hã la,
amedzrowo ahae aɖu.
Israel gbã gudugudu,
ɖeko wòle dukɔwo dome
abe nu maɖinu ene,
elabena wodzo yi Asiria hele tsatsam
abe gbetedziwo ene.
Efraim tsɔ eɖokui dzra na ahiãviwo.
10 Togbɔ be wodzra wo ɖokuiwo na dukɔwo hã la,
magaƒo wo nu ƒu azɔ.
Woakpe fu le fiagã la
kple dumegãwo ƒe teteɖeanyi ta.
 
11 “Efraim tu vɔsamlekpui geɖewo,
hena nu vɔ̃ vɔsa, gake menye nyee wòtu wo na o.
Wotu wo hena nu vɔ̃ wɔwɔ.
12 Ne mede se akpe ewo nɛ hã la,
ɖeko wòagblɔ be menye yee wode seawo na o,
ke boŋ ame bubuwoe wode wo na.
13 Wowua nye vɔsalãwo hena lã la ɖuɖu,
gake woƒe nu menyoa Yehowa ŋu o.
Azɔ aɖo ŋku woƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi dzi,
eye wòahe to na wo ɖe woƒe nu vɔ̃ ta,
ale woagatrɔ ayi Egipte.
14 Israel ŋlɔ eƒe wɔla be,
eye wòtu fiasã gã dranyiwo.
Yuda ɖo gli sesẽwo ƒo xlã eƒe duwo.
Maɖo dzo ɖa wòafia woƒe duwo,
eye wòabi woƒe mɔ sesẽwo.”