11
Atalia kple Yoas
Esi Atalia, Ahazia dada kpɔ be ye viŋutsu ku la, eyi ɖawu fia la ƒe ƒometɔwo katã, Ke Yehoseba, Fia Yoram ƒe vinyɔnu, ame si ganye Ahazia nɔvinyɔnu kplɔ Yoas, Ahazia ƒe viŋutsu eye wòfii dzoe tso fiaviŋutsu siwo wodi be woawu la dome. Etsɔ Yoas kple edzikpɔla ɣla ɖe xɔ aɖe me le gbedoxɔ me eye wòɣlae ɖe Atalia, ale womete ŋu wui o. Yoas kple eƒe dzikpɔla be ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la me ƒe ade le esime Atalia nɔ anyigba la dzi ɖum.
Le Nyɔnufia Atalia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe adrelia me la, nunɔla Yehoiada yɔ fiasãŋudzɔlawo kple fiaŋudzɔlawo ƒe amegãwo ƒo ƒu. Edo go wo le gbedoxɔ la me eye wòna woka atam nɛ be yewomagblɔe na ame aɖeke o. Ale wòtsɔ fiavi la fia wo eye wòde se na wo gblɔ bena, “Nu si miawɔ lae nye esi: Mi ame siwo wɔa dɔ le Dzudzɔgbe la dzi la ƒe akpa etɔ̃lia ɖeka adzɔ fiasã la ŋu. Akpa etɔ̃awo dometɔ ɖeka nanɔ Sur gbo la ŋu dzɔm eye akpa mamlɛa nanɔ agbo si le gbedoxɔ ƒe agbo si le ame si dzɔa gbedoxɔ la ŋu la megbe. Mi ame siwo le akpa eve bubuawo me la, ame siwo mewɔa dɔ le Dzudzɔgbe la dzi o la, miawo midzɔ gbedoxɔ la ŋu na fia la. Miɖe to ɖe fia la, eye ame sia ame nalé aʋawɔnu ɖe asi. Woawu ame sia ame si adi be yeadze mi. Minɔ fia la ŋu kplikplikpli.”
Aʋafia si kpɔa asrafo alafa ɖeka dzi la wɔ nunɔla Yehoiada ƒe ɖoɖoawo dzi. Aʋafiawo kplɔ ame siwo manɔ dɔ me le Dzudzɔgbe la dzi o kple esiwo anɔ dɔ me gbe ma gbe la siaa yi na nunɔla Yehoiada. 10 Etsɔ Fia David ƒe akplɔ kple akpoxɔnu siwo nɔ Yehowa ƒe gbedoxɔ la me de asi na aʋafiawo. 11 Dzɔla ɖe sia ɖe lé eƒe aʋawɔnu ɖe asi eye wonɔ tsitre ƒo xlã fia la, ame si te ɖe vɔsamlekpui la ŋu le gbedoxɔ la me. Woɖe to ɖee tso gbedoxɔ la ƒe dziehe yi anyiehe.
12 Yehoiada kplɔ fiavi ŋutsuvi la do goe, ɖɔ fiakuku nɛ; tsɔ Nubabla ƒe seawo de asi nɛ eye wòɖoe fiae. Esi ami nɛ, ame sia ame ƒo asikpe kplokplokplo eye wodo ɣli sesĩe be, “Fia nenɔ agbe tegbee!”
13 Esi Atalia se ame siwo le gbedoxɔa ŋu dzɔm kple ameawo ƒe ɣli la, eyi ɖe ame siwo le Yehowa ƒe gbedoxɔ me la gbɔ. 14 Etsa ŋku eye kpɔ ɖa, fia lae nye ekem, etsi tsitre ɖe sɔti la gbɔ le kɔnu la nu. Dɔdzikpɔlawo kple kpẽkulawo nɔ fia la xa eye anyigba la dzi tɔwo katã nɔ aseye tsom henɔ kpẽawo kum. Tete Atalia dze eƒe awuwo eye wòdo ɣli be, “Nugbeɖoɖoe! Nugbeɖoɖoe!”
15 Nunɔla Yehoiada de se na ame siwo nɔ asrafo alafa ɖekawo nu, ame siwo nɔ aʋawɔlawo dzi kpɔm la be, “Mikplɔe to ameawo dome vɛ eye miawu ame sia ame si adze eyome.” Elabena nunɔla la gblɔ do ŋgɔ be, “Migawui ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ me o.” 16 Ale wolée le Sɔgbo la nu le fiasã la me eye wowui le afi ma.
17 Yehoiada wɔ nubabla le Yehowa kple fia la kple dukɔa dome be woanye Yehowa tɔ. Egawɔ nubabla le fia la kple ameawo hã dome. 18 Wo katã woyi Baal ƒe gbedoxɔ me eye wogbãe. Wogbã vɔsamlekpui la kple legbawo le afi ma eye wowu Matan, Baal ƒe nunɔla le vɔsamlekpui la ŋgɔ.
Yehoyaɖa ɖo dzɔlawo Yehowa ƒe gbedoxɔ la ŋu. 19 Eye wòɖe ame alafawo ƒe amegãwo, blafowo kple fiaŋusrafowo kpakple dukɔ hahoo la katã, eye wokplɔ fia la tso Yehowa ƒe gbedoxɔ la me, to dzɔlawo ƒe aƒe ŋu heyi fiasã la me eye fia la nɔ anyi ɖe fiazikpui la dzi. 20 Amewo katã kpɔ dzidzɔ le dukɔ la me eye ŋutifafa va dua me azɔ elabena wowu Atalia kple yi le afi ma.
21 Yoas xɔ ƒe adre esi wòzu fia.